Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 1:6 - Agbenya La

6 Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Le Gaza ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena eɖe aboyo nye ameha gã aɖe, eye wòdzra wo kluviwoe na Edom.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ale Yehowa gblɔ esi: Le Gaza ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo ta, nyematsɔe akee o; elabena woɖe amewo keŋkeŋ, be woakplɔ wo ayi aɖade asi na Edom.

Onani mutuwo Koperani




Amos 1:6
18 Mawu Ofanana  

le esime Filistitɔwo va ha du siwo nɔ togbeawo dzi kple esiwo nɔ Negev le Yuda. Woxɔ du siawo: Bet Semes, Aiyalon kple Gederot Timna, Soko kple Gimzo kpakple kɔƒe siwo ƒo xlã wo eye wonɔ wo me.


Esia nye Yehowa ƒe nya si va na Nyagblɔɖila Yeremia tso Filistitɔwo ŋu hafi Farao va dze Gaza dzi:


“ ‘Esi nèlé fu nye dukɔ Israelviwo ɖikaɖika tso blema ke, eye nètsɔ wo de asi na yi le esime woƒe tohehe ɖo kɔkɔƒe la,


“Tiro kple Sidon kple Filistitɔwo ƒe duwo katã, ɖe miele didim be miabia hlɔ̃ mahã? Mikpɔ nyuie elabena nye asi atre tsɔtsɔ na mi eye nu si mieɖo la atrɔ adze miawo ŋutɔ ƒe ta dzi.


Miedzra Yudatɔwo kple Yerusalemtɔwo na Trɔ̃subɔlawo eye wokplɔ wo dzoe le woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi yi didiƒe ke.


Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le Edom ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena eɖe Israel ɖe nu kple yi, eye wòlé dziku ɖe dɔ me ɖikaa, hegbe be yemakpɔ nublanui nɛ o.


Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le Damasko ƒe nu vɔ̃ gbogbo siwo wòwɔ edziedzi ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena edugu Gilead kple galuƒomɔ abe ale si wotsɔa galuƒomɔ dugua lu ene.


Eya ta matɔ dzo Gaza ƒe gliwo, eye dzo afia eƒe mɔ sesẽwo.


Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Le Tiro ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena eda le nubabla si le eya kple Israel dome la dzi, eye wòdze edzi, wɔ aʋa kplii hekplɔe yi ɖe kluvinyenye me le Edom.


Ènɔ tsitre nɔ nu kpɔm esi amedzrowo va lɔ eƒe kesinɔnuwo eye dzronyigbadzitɔwo ge ɖe eƒe agbowo me hedzidze nu ɖe Yerusalem dzi. Wò hã èle abe wo dometɔ ɖeka ene.


Askelon akpɔe, eye vɔvɔ̃ aɖoe. Gaza aŋe kple vevesese. Nenema kee nye Ekron hã, elabena eƒe mɔkpɔkpɔ abu ɖee. Woawu Gaza fia, eye Askelon azu aƒedo.


Ke le Filipo gome la, mawudɔla aɖe va gblɔ nɛ be, “Tso nàyi mɔ si tso Yerusalem heto Gaza gbegbe la dzi.”


Sikaƒoƒoe atɔ̃ siwo Filistitɔwo ɖo ɖa abe fɔɖivɔsanu ene la nye nunana tso Asdod, Gaza, Askelon, Gat kple Ekron ƒe amegãwo gbɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa