Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 1:5 - Agbenya La

5 Maŋe gameti sesẽ siwo wotsɔ do Damasko ƒe agbowoe, eye mawu fia si le Aven ƒe Balime, kple ame si le fia ɖum le Bet Eden, eye woaɖe aboyo Siriatɔwo ayi ɖe Kir.” Yehowae gblɔe.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Maŋe Damasko ƒe gametiwo, eye amesiwo le nuvɔ̃bali me la kple amesi; lé fiatikplɔ ɖe asi le dzidzɔkpɔxɔwo me la, atsrɔ̃, eye woaɖe aboyo Aram-dukɔ la ayi Kir; Yehowa ye gblɔe!

Onani mutuwo Koperani




Amos 1:5
14 Mawu Ofanana  

Woŋlɔ Fia Yeroboam Evelia ŋutinya, nu siwo katã wòwɔ, ŋusẽ gã si wòkpɔ, eƒe aʋawɔwɔwo kple ale si wògbugbɔ Damasko kple Hamat, du siwo Yuda xɔ le Israel si la, xɔ la ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.


Ale Asiriatɔwo dze Damasko, Siria ƒe fiadu dzi, woɖe aboyo dua me tɔwo yi ɖada ɖe Kir eye wowu Siria fia Rezin.


Elam kpla daku, eƒe tasiaɖam kple sɔdolawo kpe ɖe eŋuti, eye Kir ɖe nu le eƒe akpoxɔnu ŋu.


Ale Yehowa, wò Ɖela, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔe nye esi, “Le tawò madɔ ame ɖo ɖe Babilonia woaɖakplɔ Babiloniatɔwo vɛ abe aʋasilawo ene, eye woalɔ wo ɖe woƒe tɔdziʋu siwo dzi wodana ɖo la me.


Hafi ɖevi la nate ŋu ayɔ ‘papa’ kple ‘dada’ la, Asiria fia aho aʋa ava dze Damasko kple Samaria dzi, eye wòalɔ woƒe kesinɔnuwo adzoe.”


Yi atso ɖe eƒe aʋatsonyagblɔɖilawo ŋu eye woazu bometsilawo. Yi ati woƒe kalẽtɔwo yome eye ŋɔdzi alé wo!


Babilonia ƒe kalẽtɔwo dzudzɔ aʋawɔwɔ eye wotsi woƒe mɔ sesẽwo me. Ŋusẽ vɔ le wo ŋu, eye wole ko abe nyɔnuwo ene. Wotɔ dzo eƒe nɔƒewo eye woŋe eƒe agbometiwo.


Eƒe agbowo ɖo do ɖe anyigba eye wòŋe eƒe gametiwo kple gakpo siwo ŋu wobla wo ɖo. Woɖe aboyo eƒe fia kple dumegãwo ɖo ɖe dukɔwo dome, se la megali o eye eƒe Nyagblɔɖilawo hã megaxɔa ɖeɖefia tso Yehowa gbɔ o.


“Haran, Kane kple Eden kple Seba ƒe asitsalawo, Asur, Geba kple Kilmad wotsa asi kpli wò.


Heliopolis kple Bubastis ƒe ɖekakpuiwo atsi yi nu, eye duawo me tɔwo ŋutɔ aɖe aboyo wo ɖokuiwo.


Woagbã vɔ̃ɖinyenye ƒe vɔsaƒe siwo le Aven, eyae nye Israel ƒe nu vɔ̃. Ŋu kple aŋɔka avu atsyɔ woƒe vɔsamlekpuiwo dzi. Woagblɔ na towo be, “Mitsyɔ mía dzi,” eye woagblɔ na togbɛwo be, “Mimu dze mía dzi.”


Migati legba siwo le Betel, Gilgal alo Beerseba yome o, elabena maɖe aboyo Gilgatɔwo, eye Betel atsrɔ̃.”


Yehowa be, “O Israelviwo, ɖe miele nam abe Kustɔwo ene oa? Ɖe menye nyee kplɔ Israel tso Egiptenyigba dzi, Filistitɔwo tso Kaftor kple Siriatɔwo tso Kir oa?”


Kpɔ wò asrafowo ɖa, wo katã wole abe nyɔnuwo ene. Wò anyigba ƒe agbo anɔ ʋuʋu ɖi siaa na wò futɔwo, eye dzo afia wò gametiwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa