“Yi nàƒo Yudatɔ siwo katã le Susa la nu ƒu, eye miatsi nu dɔ ɖe tanye, migaɖu nu alo miano nu o, ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃. Nye kple nye subɔlawo hã míawɔ nenema ke. Ekema, togbɔ be wode se sesẽ aɖe ɖe eŋu hã la, mayi aɖakpɔ fia la kpɔ. Ne meku la, maku faa!”
Mawudzixɔsela aɖe si ŋkɔe nye Anania la nɔ Damasko dua me ɣe ma ɣi. Mawu yɔe le ŋutega me gbe ɖeka be “Anania.” Etɔ, eye wògblɔ be, “Nyee nye esi, Aƒetɔ.”