Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 9:41 - Agbenya La

41 Petro lé eƒe alɔnu, eye wòtsi tsitre. Azɔ Petro yɔ xɔsetɔawo kple ahosiawo va xɔa me, eye wòtsɔ Dɔkas gbagbe la de asi na wo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

41 Eye wòna asii hekɔe ɖe dzi; eye esi wòyɔ ame kɔkɔeawo kple ahosiawo ve la, etsɔe ɖo woƒe ŋku me agbagbee.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 9:41
15 Mawu Ofanana  

Wodo ɣli gblɔ na wo fofo be, “Yosef le agbe, eye wòzu Egiptenyigba blibo la dzi ɖula!” Ke nya la wɔ moya na Yakob ale gbegbe be mexɔe se o.


Eliya kɔ ɖevi la eye wòdo go kplii tso xɔ la me yi anyigba eye wòtsɔe na dadaa gblɔ be, “Kpɔ ɖa, viwò ŋutsu la le agbe!”


Elisa gblɔ nɛ be wòalée eye wòlée.


Ame si le kukum la ƒe yayra vaa dzinye eye menana ahosi ƒe dzi kpɔa dzidzɔ.


Yehowa kpɔa amedzrowo ta, eye wònye tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo hã ta kpɔla. Ke etɔtɔa ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔwo.


Yesu yi dɔnɔ la ƒe aba gbɔ, elé eƒe alɔnu, eye wònɔ alinu. Dzoxɔxɔ sesẽ si nɔ nyɔnu la ƒe lãme la nu bɔbɔ enumake eye eƒe lãme sẽ. Ale wòtso yi ɖaɖa nu va ɖo wo kɔme.


Esi wòsusɔ vie woaɖo dua ƒe agbo nu la, wokpɔ be wotsɔ ame kuku aɖe le go domi. Ame si ku woyina ɖiɖi ge la nye viŋutsu akogo si nɔ dadaa si nye ahosi la si. Esia wɔe be ame geɖewo ŋutɔ kplɔ ahosia ɖo henɔ konyi fam kplii.


Enumake ɖekakpui la fɔ henɔ alinu, eye wòde asi nuƒoƒo me na ame siwo nɔ egbɔ la; ale Yesu kplɔe de asi na dadaa.


Le nyateƒe me la, ɖekakpui la gagbɔ agbe, esia na be ameha la kpɔ dzidzɔ ŋutɔ.


Ale Petro do asi ɖa lé tekunɔ la ƒe alɔnu be wòatsi tsitre. Kasia tekunɔ la kpɔ be ŋusẽ ɖo yeƒe afɔ kple drikame ŋu.


Esime xɔsetɔawo ƒe xexlẽme va nɔ dzidzim ɖe edzi atraɖii ta la, liʋĩliʋĩlilĩ aɖewo va nɔ ta dom ɖa le wo dome. Xɔsetɔ siwo doa Grikigbe la tsɔ nya ɖe xɔsetɔ siwo doa Hebrigbe la ŋuti be ne wole gbe sia gbe nuɖuɖu nam la, sue aɖe koe wonaa ahosi siwo doa Grikgbe.


Anania ɖo eŋu gblɔ be, “Aƒetɔ, mese be funyafunya si gbegbe Saulo sia wɔ ame kɔkɔewo le Yerusalem la mele gbɔgblɔ me o ɖe!


Esi Petro nɔ tsatsam tso teƒe yi teƒe la, eva Mawu ƒe ame siwo le Lida hã gbɔ.


Nenye be ahosiwo mekpɔ ame aɖeke wòakpɔ wo dzi o la, ekema hamea natsɔe ɖo eɖokui dzi, atsɔ lɔlɔ̃ akpɔ wo dzii.


Hame la nekpɔ ahosi dahe siwo tsi akogo le xexea me la dzi nenye be wole Mawu sinu kpɔm be wòakpe ɖe yewo ŋuti, eye wole gbe dom ɖa atraɖii,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa