Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 9:2 - Agbenya La

2 be wòana agbalẽ si ana ŋusẽ ye, ale be yeayi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe siwo le Damasko ne woakpe ɖe ye ŋu be yeate ŋu alé xɔsetɔ siwo katã le teƒe siawo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, ade ga wo, eye yeakplɔ wo va Yerusalem.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 eye wòbia agbalẽwoe bena, yeayi Damasko ɖe ƒuƒoƒeawo me, ne yeakpɔ amesiwo le nenem mo sia dzi, ŋutsuwo kple nyɔnuwo la, ne yeabia wo akplɔ va Yerusalem.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 9:2
23 Mawu Ofanana  

Wodze aʋakɔ la dzi le zã ma me, eye wonya wo va se ɖe Hoba le Damasko ƒe anyiehe lɔƒo.


Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Damasko ŋu: “Kpɔ ɖa, Damasko maganye du abe tsã ene o, ke boŋ atrɔ azu aƒedo!


Tso Damasko ŋuti: “Hamat kple Arpad ƒe mo tsi dãa, elabena wose nya vɔ̃. Dzi ɖe le wo ƒo, wotɔtɔ eye wotsi dzimaɖi abe atsiaƒu ene.


Mikpɔ mia ɖokuiwo dzi nyuie le amewo ŋuti! Elabena woalé mi, adrɔ̃ ʋɔnu mi, eye woaƒo mi le woƒe ƒuƒoƒewo.


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nyee nye Mɔ la, Nyateƒe la kple Agbe la. Ame aɖeke mate ŋu ayi Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.


Wofia nue tso Aƒetɔ la ƒe mɔ ŋuti, egblɔa nya dzideƒotɔe, eye wòfiaa nu tso Yesu ŋuti pɛpɛpɛ togbɔ be Yohanes ƒe mawutsideta ko wònya hã.


Ke le ɣe ma ɣi la, masɔmasɔ gã aɖe va Efeso dua me le Kristotɔwo ta.


Ame aɖewo mexɔ eƒe nya o, ale wotsi tsitre ɖe eŋu vevie hegblɔ busunya geɖe ɖe Mɔ la ŋu le dutoƒo. Nu sia na be Paulo dzo le wo gbɔ. Ke ekplɔ nusrɔ̃lawo ɖe asi yi Tirano Takpexɔa me, afi si wòƒoa nu na wo le gbe sia gbe.


Ke hã la, melɔ̃ ɖe edzi be mesubɔa mía fofowo ƒe Mawu la abe ame si le Mɔ la dzi ene, esi amewo yɔna be kɔmama. Mexɔ nu sia nu si sɔ kple se la kple nu siwo woŋlɔ ɖe nyagblɔɖigbalẽawo me la dzi se.


Felix nya nyuie be kristotɔwo mewɔa ʋunyaʋunya o. Le esia ta la, egblɔ na Yudatɔwo be woalala va se ɖe esime asrafowo ƒe amegã, Lisia nava hafi yeatso nya la me.


Le esia ta la, mexɔ ŋusẽ tso nunɔlagã gbɔ, eye melé xɔsetɔ geɖewo de gaxɔ me le Yerusalem. Gawu la, ne wotso kufia na wo dometɔ aɖe la, medaa asi ɖe nuwɔna sia dzi blibo.


“Esia dzi mele heyi Damasko, eye ŋusẽ kpakple mɔnana le asinye tso nunɔlagãwo gbɔ.


Ke yometiti va na xɔseha tso Yudatɔwo ƒe xɔseha aɖe si woyɔna be, Ablɔɖe ƒuƒoƒe la me. Ha sia me nɔlawo nye Yudatɔ siwo tso Kirene, Aleksandria kple Kilikia nutowo me kpakple Asia. Ame siawo de asi nyahehe me kple Stefano.


Le esia ta la, ewɔ funyafunya mía tɔgbuitɔgbuiwo, eye wòde se be woatsɔ woƒe vidzĩwo aƒu gbe ne woaku.


Gawu la, míese be ɖe wòxɔ agbalẽ koŋ tso nunɔlagãwo gbɔ be yeava lé ame siwo katã yɔa wò ŋkɔ.”


Ame siwo katã se Saulo ƒe mawunya la ƒe nu ku, eye wobia wo nɔewo be, “Alo menye ame siae wɔ funyafunya geɖe ame siwo yɔa ŋkɔ sia le Yerusalem le woƒe xɔse ta oa? Míese gɔ̃ be ɖe wòva Damasko afi sia be yealé xɔsetɔwo ade ga wo akplɔ yii na nunɔlagãwo le Yerusalem!”


Esi menɔ Damasko la, fia Areta ɖo asrafowo dua ƒe agbowo nu be woalém,


Nyemeyi Yerusalem be matsɔ nya la aɖo ame siwo nye apostolowo do ŋgɔ nam la ŋkume o, ke boŋ meyi Arabia. Emegbe la, metrɔ yi Damasko.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa