Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 9:16 - Agbenya La

16 ke nye ŋutɔ magblɔ fu siwo wòakpe ɖe tanye la afiae.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 elabena nye la mafiae alesi wòle nɛ be, wòakpe fu geɖe le nye ŋkɔ la ŋuti.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 9:16
22 Mawu Ofanana  

Baba na wò, o nugblẽla! Wò ame si womegblẽ o. Baba na wò, o ametatrɔla! Wò ame si womede asi o. Ne èdzudzɔ nugbegblẽ la, woagblẽ wò hã ne èdzudzɔ ametatɔtrɔ la, woatrɔ wò hã tawò.


“Le ɣeyiɣi mawo me la, amewo ade mi asi na yometitiwo kple wuwu gɔ̃ hã.


Dzi nedzɔ mi nenye be amewo dzu mi, ti mia yome, da alakpa ɖe mia si hegblɔ nya vɔ̃ bubuwo ɖe mia ŋuti le tanye.


Miɖo ŋku nya si megblɔ na mi la dzi be, ‘Subɔla mewua eƒe Aƒetɔ o.’ Ne woti yonyeme la, woati miawo hã yome. Nenye ɖe woɖo tom la, woaɖo to miawo hã.


eye wodo ŋusẽ xɔsetɔwo be woalé xɔse me ɖe asi. Wode dzi ƒo na xɔsetɔawo be, “Ele na mí be míato fukpekpe geɖewo me hafi age ɖe mawufiaɖuƒe la me.”


Agabu tsɔ Paulo ƒe alidziblaka, eye wòbla eya ŋutɔ ƒe asiwo kple afɔwo hegblɔ be, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la be, ‘Alea tututu Yudatɔwo awɔ ame si tɔe nye alidziblanu sia la le Yerusalem, eye woatsɔe ade asi na ame siwo menye Yudatɔwo o.’ ”


Ke Paulo ɖo eŋu na mí be, “Midzudzɔ avifafa, elabena miele dzi gbãm nam. Mele klalo be manɔ gaxɔ me le Yerusalem, eye gawu la, maku le nye Aƒetɔ Yesu ta.”


Míawo hã míeɖi tsa yi dua me, eye míedi xɔsetɔ siwo le afi ma la henɔ wo gbɔ kɔsiɖa ɖeka. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒo nu to hame sia dzi, ale wogbe na Paulo be megayi Yerusalem o.


Gawu la, míese be ɖe wòxɔ agbalẽ koŋ tso nunɔlagãwo gbɔ be yeava lé ame siwo katã yɔa wò ŋkɔ.”


Azɔ tsi tsitre nàyi Damasko dua me; ne èɖo afi ma la, woagblɔ nu siwo nàwɔ la na wò.”


Ke boŋ le xaxawo, hiãkamewo kple yometiti geɖewo me hã la, míedoa dzi eye míeɖea mía ɖokui fiana abe Mawu ƒe subɔla vavãwo ene.


ale be miate ŋu alé dzi ɖe ƒo le miaƒe fukpekpe siawo katã me. Gake mienya be fukpekpe mawo nye Mawu ƒe ɖoɖo ƒe akpa aɖe na mi kristotɔwo.


Eya tae mele fu kpem le afi sia le gaxɔ me ɖo. Nu sia menye ŋukpe nam kura o, elabena menya ame si ŋu meɖo ŋu ɖo, eye meka ɖe edzi be ate ŋu adzɔ nu siwo katã metsɔ de asi nɛ la ŋu dedie va se ɖe gbe si gbe wòagava.


Ènya fukpekpe geɖe siwo va dzinye le gbeƒãɖeɖe nyanyui la ta. Ènya nu siwo katã wowɔm esi meyi Antioxia, Ikonio kple Listra hã, ke Aƒetɔ la ɖem tso wo me.


Ne wodzu mi le Kristo ƒe ŋkɔ ta la, woayra mi, elabena ŋutikɔkɔe ƒe Gbɔgbɔ si nye Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le mia dzi.


Nye, mia nɔvi Yohanes, ame si kpe fu kpli mi le Aƒetɔ la ta lae le agbalẽ sia ŋlɔm na mi. Nye hã mekpɔ gome le dzidodo si Mawu nana la me, eye miakpɔ gome le eƒe fiaɖuƒe la hã me! Menɔ Patmo Ƒukpo dzi. Woɖe aboyom yi afi ma le Mawu ƒe nya kple Yesu Kristo ŋuti ɖaseɖiɖi ta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa