Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 9:11 - Agbenya La

11 Mawu gblɔ nɛ be, “Tso nàyi ablɔ si woyɔna be, ‘Mɔ Dzɔdzɔe’ la dzi, eye nàdi ŋutsu aɖe si woyɔna be Yuda la ƒe aƒe me. Ne èkpɔe la, bia ŋutsu aɖe si woyɔna be Saulo tso Tarso la ta se le afi ma. Le gaƒoƒo sia me la, ele klo dzi le gbe dom ɖa nam vevie,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye Aƒetɔ la gblɔ ne bena: Tsi tre, eye nayi ablɔ, si woyɔna be dzɔdzɔe la me, eye nabia amea ɖe, si ŋkɔ nye Saul tso Tarso la ta se le Yuda-ƒe me; elabena kpɔ ɖa, ele gbe ɖom ɖa,

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 9:11
28 Mawu Ofanana  

Miyɔm le xaxagbe, maɖe mi, eye miade bubu ŋutinye.”


Yehowa léa fu ame vɔ̃ɖiwo ƒe vɔsa, ke dzɔdzɔetɔwo ƒe gbedodoɖa dzea eŋu.


“Makɔ amenuveve kple gbedodoɖa ƒe gbɔgbɔ ɖe David ƒe aƒe la kple Yerusalem nɔlawo dzi. Woakpɔ nye, ame si wotɔ nui la dzi, woafa nɛ abe ale si wofana na vi ɖeka hɔ̃ɔ si ku la ene, eye woafa nɛ vevie abe ŋgɔgbevi si ku la ene.


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ne ɖe nènya Mawu ƒe nunana kple ame si ƒomevi le tsi biam wò la, anye ne èbiae, eye wòana agbetsi wò.”


Ŋutsu sia gblɔ ale si mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae eye wògblɔ na ye be, ‘Dɔ ame ɖo ɖe Yopa ne woayɔ Simɔn si wogayɔna hã be Petro la vɛ na wò.


Tso Antioxia la, Barnabas ti Saulo ƒe mɔ yi Tarso.


Ke ame sia ame si yɔa Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa la akpɔ ɖeɖe.’ ”


Paulo ɖo eŋu be, “Ao, nye la, Yudatɔ menye tso Tarso le Kilikia nuto me. Du sia nye du xɔŋkɔ aɖe. Meɖe kuku na wò, ɖe mɔ nam maƒo nu na ameha la.”


“Yuda vidzidzi ŋutɔŋutɔe menye tso Tarso le Kilikia nuto me. Ke Yerusalem afi siae mede suku le, eye nye nufialae nye Gamaliel, ame si hem be mawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnuwo dzi pɛpɛpɛ abe ale si dze ene. Enye nye didi vevie ɣe ma ɣi be made bubu Mawu ŋu le nu sia nu si mawɔ la me abe ale si miawo hã miele ewɔm fifia ene.


Dzudzɔ ta me vɔ̃ɖi ɖoɖo ne nàdo gbe ɖa na Aƒetɔ la. Ɖewohĩ atsɔ wò susu vɔ̃ɖi sia ake wò,


Ke le Filipo gome la, mawudɔla aɖe va gblɔ nɛ be, “Tso nàyi mɔ si tso Yerusalem heto Gaza gbegbe la dzi.”


Esi xɔsetɔ bubuawo se be Saulo ƒe agbe ɖo xaxa me alea la, wokplɔe yi Kaesarea, eye tso afi ma la, woɖoe ɖe wo de, Tarso.


“Ke miagade asi Yehowa, miaƒe Mawu la didi me. Miakpɔe ne miedii kple miaƒe dzi kple luʋɔ blibo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa