Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 8:4 - Agbenya La

4 Ke xɔsetɔ siwo si dzo le Yerusalem la kaka Yesu ƒe nyanyui la le afi sia afi si woyi la.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ke amesiwo ka hlẽ la, le tsatsam hele nyanyuie la gblɔm fia.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 8:4
8 Mawu Ofanana  

“Nenye be woti mia yome le du aɖe me la, misi yi du bubu me! Vavã mele egblɔm na mi bena, nye Amegbetɔ Vi, matrɔ agbɔ hafi miawu tsatsa le Israel duwo katã me nu.


ame siwo tu woƒe ŋutinyawo ɖe nyadzɔdzɔ siwo woxɔ tso ame siwo nye nuteƒekpɔlawo le gɔmedzedzea me la gbɔ, eye wonye dɔlawo na nya la.


Le ɣeyiɣi siawo me la, xɔsetɔ siwo si le Yerusalem le yometiti si va le Stefano wuwu megbe la dometɔ aɖewo zɔ mɔ yi kekeke Foenisia, Kipro kple Antioxia nutowo me henɔ nyanyui la gblɔm na ame siwo nye Yudatɔwo ko.


Paulo kple Barnabas hã gatsi Antioxia hena kpekpe ɖe ame siwo nɔ Aƒetɔ la ƒe nya gblɔm henɔ nu fiam amewo le afi ma la ŋu.


Saulo da asi ɖe Stefano wuwu sia dzi kpem. Tso gbe ma gbe dzi la, amewo dze xɔsetɔ siwo le Yerusalem la yometiti gɔme vevie, eye esia na be wo katã wosi yi Yudea kple Samaria nutowo me negbe apostoloawo ɖeɖe koe susɔ ɖe Yerusalem.


Ke esi dua me tɔwo se nyanyui la si Filipo gblɔ tso mawufiaɖuƒe la ŋu kple Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la, woxɔe se, eye wode mawutsi ta na wo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa.


Mienya ale si wowɔ funyafunya mí kple ale si míekpe fu le Filipi hafi va ɖo mia gbɔ la hã. Ke Mawu na dzideƒo tɔxɛ mí, be míagblɔ nyanyui ma ke na mi, togbɔ be futɔwo ƒo xlã mí gɔ̃ hã.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa