Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 8:23 - Agbenya La

23 elabena edze nam ƒãa be, èyɔ fũu kple vevesese eye nènye kluvi na nu vɔ̃.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Elabena mekpɔ wò bena, èle veve helĩhelĩ kple nu madzɔmadzɔ ƒe babla me.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 8:23
18 Mawu Ofanana  

eƒe nuɖuɖu ave le eƒe dɔ me, eye wòazu da ƒe aɖi le eƒe dɔgbowo me.


O! Yehowa, menye wò dɔla vavã, wò dɔlae menye, wò subɔla ƒe viŋutsue menye, eye nèɖem tso nye gakɔsɔkɔsɔ siwo blam la me.


Ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ɖi siwo wòwɔna la zua mɔ ɖenɛ, eye eƒe nu vɔ̃ zua ka blanɛ sesĩe.


Azɔ midzudzɔ miaƒe fewuɖuɖu ne menye nenem o la, miaƒe bablawo agamia mi ɖe edzi. Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔ gbegblẽ si wòɖo ɖi kplikpaa ɖe anyigba blibo la ŋu nam.


“Ɖe menye esiae nye nutsitsidɔ si metia oa, be woaɖe nu madzɔmadzɔwo ƒe gakɔsɔkɔsɔwo ɖa, woatu kɔkuti ƒe kɔsasawo, ne woana ablɔɖe ame siwo wote ɖe to, eye woaŋe kɔkuti ɖe sia ɖe oa?


“Wò ŋutɔ wò afɔɖeɖewo kple nuwɔnawoe he esia va dziwòe. Esiae nye wò tohehe. Aleke wòahave wòe! Aleke wòahaƒo ɖe wò dzii!”


Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, mana dukɔ sia naɖu nu veve, eye woano aɖitsi.


Meɖo ŋku nye hiã, tsaglalãtsatsa, dzigbagbã kple vevesese dzi.


Eva dze dzinye eye wòtsɔ veve helĩhelĩ kple fukpekpe tɔ kpɔ ɖe ŋunye.


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ame sia ame si wɔa nu vɔ̃ la nye nu vɔ̃ ƒe kluvi.


Miɖe asi le dɔmedzoedodo helĩhelĩ, dziku, dzrewɔwɔ, ameŋugbegblẽ, fuléle kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒomevi ɖe sia ɖe ŋu.


Míawo hã míenye abunɛtɔwo kpɔ, eye míegbe toɖoɖo. Ame bubuwo ble mí, eye míezu kluviwo na ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃wo kple fieŋufieŋu vɔ̃ɖiwo. Havimalɔmalɔ̃ kple ŋuʋaʋã xɔ mía me keŋ. Míelé fu amewo, eye woawo hã lé fu mí.


Mikpɔ egbɔ be Mawu ƒe amenuveve metsi ame aɖeke nu o, eye mikpɔ nyuie be gbe vɔ̃ aɖeke meto ke ɖe mia dome esi ava zu aɖi vɔ̃ɖi anɔ fu ɖem na ame geɖewo ahaƒo ɖi wo o.


Wodoa ablɔɖe ƒe ŋugbe na wo esi woawo ŋutɔ wonye kluviwo na anyidzedze, elabena ame nyea kluvi na nu sia nu si ɖu aƒetɔ ɖe edzi la.


Elabena ne Mawu mekpɔ nublanui na mawudɔlawo esi wowɔ nu vɔ̃ o, ke boŋ eɖo wo ɖe dzomavɔ me, hede ga wo ɖe ʋe globo doviviti me, be woanɔ afi ma va se ɖe ʋɔnudrɔ̃gbe;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa