Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 8:22 - Agbenya La

22 Dzudzɔ ta me vɔ̃ɖi ɖoɖo ne nàdo gbe ɖa na Aƒetɔ la. Ɖewohĩ atsɔ wò susu vɔ̃ɖi sia ake wò,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Eyata trɔ le wò dzi me tso wò vɔ̃ɖinyenye sia me, eye naɖe kuku na Aƒetɔ la, bena ɖewohĩ atso wò dzimesusu la ake wò.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 8:22
23 Mawu Ofanana  

Bometsinuwo ɖoɖo nye nu vɔ̃ eye amewo tsria fewuɖula.


Eya ta, O fia, na wòadze ŋuwò be nàxɔ nye aɖaŋuɖoɖo. Ɖe asi le wò nu vɔ̃wo ŋuti to nu nyui wɔwɔ me, nàɖe asi le ŋutasesẽ ŋu to ame siwo wote ɖe anyi la nu veve me. Ekema ate ŋu ava eme be wò nunyonamewo agate ŋu ayi dzi.”


Mitsri nu vɔ̃ eye mialɔ̃ nyui. Mitrɔ miaƒe ʋɔnudrɔ̃ƒewo woazu afia nyui tsoƒewo. Ɖewohĩ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la, akpɔ nublanui na Yosef ƒe aƒe ƒe ame mamlɛawo.


Midi Yehowa ne mianɔ agbe, ne menye nenema o la; miabi abe dzo ene ato Yosef ƒe aƒe dzi, afia Betel, eye ame aɖeke mate ŋu atsii o.


Meli la ƒe amegã yi ɖe afi si wònɔ la, eye wòdo ɣli ɖe eta be, “Nu ka! Alɔ̃ dɔm wò ya nèle le ɣeyiɣi sia mea? Tso kaba nàyɔ wò mawu, ɖewohĩ akpɔ nublanui na mí tso ahom la me!”


Ɖewohĩ, Mawu ate ŋu aɖo be míatsi agbe, eye wòaɖo asi eƒe dziku helĩhelĩ la dzi be wòagatsrɔ̃ mí o.”


Tsã la, Mawu mia ŋku ɖe amegbetɔ ƒe numanyamanya dzi. Ke azɔ la, eɖe gbe be ame sia ame natrɔ dzi me asubɔ ye ɖeka ko,


Petro ɖo eŋu na wo be, “Mitrɔ dzi me ne woade mawutsi ta na mi le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me, be woatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi. Ekema miawo hã miaxɔ nunana sia, si nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.


Ke azɔ la, nɔviwo, mitrɔ dzi me, miatrɔ ɖe Mawu ŋu, be wòatutu miaƒe nu vɔ̃wo ɖa, eye miaxɔ fafa tso aƒetɔ la gbɔ,


Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wò ga natsrɔ̃ kpli wò, elabena èbu be yeate ŋu aƒle Mawu ƒe nunana kple ga!


Mawu gblɔ nɛ be, “Tso nàyi ablɔ si woyɔna be, ‘Mɔ Dzɔdzɔe’ la dzi, eye nàdi ŋutsu aɖe si woyɔna be Yuda la ƒe aƒe me. Ne èkpɔe la, bia ŋutsu aɖe si woyɔna be Saulo tso Tarso la ta se le afi ma. Le gaƒoƒo sia me la, ele klo dzi le gbe dom ɖa nam vevie,


Alo ɖe mètsɔ ɖeke le Mawu ƒe dɔmenyo gã la, eƒe dzidodo, kple eƒe dzigbɔɖi me oa? Alo mènya be Mawu ƒe dɔmenyo ƒe taɖodzinue nye be wòana nàtrɔ dzi me oa?


Elabena Mawu ƒe nya la le agbe le dɔ wɔm. Eɖana wu hɛ nuevee ɖe sia ɖe, eƒona ɖe ame yina ɖe eme ke, hemaa luʋɔ kple gbɔgbɔ me, maa ƒunukpeƒewo kple ƒutomemiwo dome, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu tamesusuwo kple dzimedidiwo.


Mena ɣeyiɣie be wòatrɔ tso eƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ me, gake egbe,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa