Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 8:21 - Agbenya La

21 Wɔƒe kple gomekpɔkpɔ aɖeke mele asiwò le subɔsubɔdɔ sia me o, elabena wò dzi menyo le Mawu ƒe ŋkume o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Gome kple domenyinyia ɖeke mele nya sia me na wò o; elabena wò dzi medzo le Mawu ƒe ŋku me o.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 8:21
19 Mawu Ofanana  

Ewɔa nu si dze Mawu ŋu enuenu gake menye ɣe sia ɣi o!


Ke meɖo eŋu be, “Dziƒo ƒe Mawu la ana dzidzedze mí eƒe dɔlawo míagbugbɔ gli sia aɖo, ke miawo la, miaƒe asi manɔ dɔ sia me loo alo miakpɔ gome le Yerusalem alo axɔ ŋkɔ le ewɔwɔ me alo eƒe ɖe nanye mia tɔ o.”


Yehowa ƒe gbedeasi aɖe le nye dzi me tso ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ ŋuti. Mawuvɔvɔ̃ aɖeke mele woƒe ŋkuwo me o.


“Ame vi, ame siawo li legbawo ɖe woƒe dzi me, eye woɖi afɔklinu vɔ̃ɖiwo ɖe woƒe ŋkume. Ɖe mana woabia gbem mahã?


Eye nunɔla la agadoe kpɔ. Ne teƒea keke ɖe edzi la, ekema nunɔla la atso nya me be eŋuti mekɔ o, kpodɔe wòdze.


“Nye kɔ nàkpɔ dadala la ɖa; nu dzɔdzɔe wɔwɔ aɖeke mele eya amea me o; ke ame dzɔdzɔe anɔ agbe to eƒe xɔse me.


Wo kple evea wonye ame dzɔdzɔewo le Mawu ŋkume, eye wolé Aƒetɔ la ƒe sededewo kple ɖoɖowo me ɖe asi kpɔtsɔtsɔmanɔŋutɔe.


Yesu gabiae zi etɔ̃lia be, “Simɔn, Yohanes ƒe vi, èlɔ̃m mahã?” Biabia etɔ̃lia sia ve Petro, elabena Yesu biae zi etɔ̃lia be, “Èlɔ̃m mahã?” Ke Petro ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, ènya nu sia nu, eye ènya be melɔ̃ ye.” Yesu gblɔ nɛ be, “Nyi nye alẽawo.


Filipo ɖo eŋu nɛ be, “Nenye be èxɔe se tso wò dzi blibo me ko la, ekema naneke mexe mɔ o.” Etiopia ŋutsu la ɖo eŋu be, “Mexɔe se be Yesu Kristoe nye Mawu ƒe Vi la.]”


Minya nyuie be ahasiwɔla, ame makɔmakɔ alo ŋuklẽla aɖeke manyi Kristo kple Mawu ƒe fiaɖuƒe la ƒe dome o, elabena ame sia ƒomevi sɔ kple trɔ̃subɔla.


Eya ta womena anyigba Levitɔwo le Ŋugbedodonyigba la dzi abe ale si wona wo nɔvi to bubu me tɔwo ene o, elabena Yehowa, miaƒe Mawu gblɔ na wo be ye ŋutɔe nye woƒe domenyinu.


Miawo kple mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo kple miaƒe dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo miatso aseye le afi ma le Yehowa, miaƒe Mawu ŋkume. Miɖo ŋku edzi miakpe Levitɔwo be woaɖu nu kpli mi, elabena anyigba aɖeke mele woawo ya si o.


Naneke mele nuwɔwɔ blibo la me si le ɣaɣla ɖe Mawu o. Woklo nu le nu sia nu dzi, eye wòle ƒeƒle le Mawu, ame si míava na akɔntae la ƒe ŋkume.


Yehowa wɔ Yɔdan tɔsisi la wònye liƒo le míawo kple mi Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo dome, kadodo aɖeke mele miawo kple Yehowa dome o.’ Ekema miaƒe dzidzimeviwo ana míaƒe dzidzimeviwo nadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ,


Maƒu nu viawo woaku ekema hameawo katã anyae be nyee nye dziwo kple susuwo me dzrola, eye maxe fe na ame sia ame le eƒe nuwɔwɔwo nu.


Yayratɔwo kple ame kɔkɔewoe nye ame siwo kpɔ gome le tsitretsitsi gbãtɔ me. Ku evelia mekpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi o, ke woanye nunɔlawo na Mawu kple Kristo, eye woaɖu dzi kplii hena ƒe akpe ɖeka (1,000).


eye ne ame aɖe aɖe nya aɖewo le nyagblɔɖigbalẽ sia me la, Mawu mana wòakpɔ gome le agbeti la kple du kɔkɔe si ŋuti woƒo nu le le agbalẽ sia me la me o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa