Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 8:14 - Agbenya La

14 Esi apostolo siwo le Yerusalem se be mawunya ɖo Samaria la, woɖo Petro kple Yohanes ɖa be woaɖakpɔ ale si nuwo nɔ edzi yimii le afi ma ɖa.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Tete la esi apostolo, siwo le Yerusalem la, se bena, Samaria xɔ mawunya la, woɖo Petro kple Yohanes ɖe wo gbɔ;

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 8:14
15 Mawu Ofanana  

elabena Yehowa gblɔ nɛ be wòaƒo nu atsi tsitre ɖe vɔsamlekpui si le Betel la ŋu eye fiƒode si wòda ɖe nuxeƒe siwo le Samaria dzi la aɖi wo ŋu.”


Anyigba nyui lae nye ame si ƒe dzi sea mawunya la, eye wòsea egɔme, eye eya hã ɖakplɔa ame blaetɔ̃, blaade alo alafa ɖeka bubu gɔ̃ hã vaa dziƒofiaɖuƒe la mee.”


Yesu dɔ Petro kple Yohanes be woado ŋgɔ aɖawɔ dzadzraɖo na yewoƒe Ŋutitotoŋkekea ɖuɖu.


Ʋɔnudrɔ̃la aɖe li si adrɔ̃ ʋɔnu ame si gbe nu le gbɔnye, eye mexɔ nye nyawo o; nya siwo megblɔ la, woawoe woatsɔ abu fɔ woe le nuwuwuŋkeke la dzi.


Eteƒe medidi kura hafi apostoloawo kple xɔsetɔ siwo le Yudea la se be ame siwo menye Yudatɔwo hã xɔ Mawu ƒe nya la.


Esi ame dɔdɔawo va ɖo Yerusalem la, hamea kple apostoloawo kpakple hamemegãwo xɔ wo, eye woka nu siwo katã Mawu wɔ kpli wo la ta na wo.


Bereatɔwo ɖɔ ʋu wu Tesalonikatɔwo, elabena woɖo to Paulo ƒe nyagbɔgblɔ kple dzidzɔ. Woawo ŋutɔwo hã nɔa mawunya la me dzrom ɣe sia ɣi be yewoakpɔe ɖa be nyateƒenya gblɔm Paulo nɔ mahã.


Ame siwo xɔ Petro ƒe nyawo dzi se la, woanɔ abe akpe etɔ̃ ene, eye wode mawutsi ta na wo gbe ma gbe ke, eye wotsɔ wo kpe ɖe ha la ŋu.


Saulo da asi ɖe Stefano wuwu sia dzi kpem. Tso gbe ma gbe dzi la, amewo dze xɔsetɔ siwo le Yerusalem la yometiti gɔme vevie, eye esia na be wo katã wosi yi Yudea kple Samaria nutowo me negbe apostoloawo ɖeɖe koe susɔ ɖe Yerusalem.


Yakobo, Kefa kple Yohanes, ame siwo amewo buna be wonye sɔtiwo na hamea la, woxɔ nye kple Barnabas ɖe hamea me esi wode dzesi amenuveve si wonam la. Wolɔ̃ ɖe edzi be míawo míayi ame siwo menye Yudatɔwo o la gbɔ, eye woawo nayi aʋatsotsotɔwo gbɔ.


Eye míadzudzɔ akpedada na Mawu ɖe esia ta o, elabena esi míegblɔ nyanyui la na mi la, miebu nya la abe nya siwo míawo ŋutɔ míesusu la ene o, ke boŋ miexɔe abe Nya si tso Mawu ŋutɔ gbɔ la ene, eye le nyateƒe me eya ŋutɔ gbɔe wòtso, eya ta esi miexɔe se la, etrɔ miaƒe agbenɔnɔ.


eye míeɖo Timoteo, mía nɔvi kple hadɔwɔla; Mawu ƒe dɔla si ɖea gbeƒã Kristo ƒe nyanyui la ɖe mi, be wòava do ŋusẽ miaƒe xɔse, eye wòade dzi ƒo na mi,


Atsɔ madzɔmadzɔnyenye able ame siwo katã yina ɖe dzomavɔ la me, elabena wogbe nyateƒe la xɔxɔ, alɔ̃e be wòaɖe wo o,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa