Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 8:13 - Agbenya La

13 Nukutɔe la, Simɔn, afakala la ŋutɔ hã xɔ mawunya dzi se, ale wode mawutsi ta nɛ. Le esia megbe la, enɔ Filipo ŋu kplikplikpli yia afi sia afi si wòyina la, eye nukunu siwo katã Filipo wɔ la na be eƒe nu ku ŋutɔ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ke Simon ŋutɔ hã xɔe se, eye esi wode mawutsi ta ne la, enɔ Filipo ŋu kplikplikpli; eye esi wòkpɔ dzesi kple ŋusẽdɔ gã, siwo wɔm wòle la, kuvia ɖoe.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 8:13
16 Mawu Ofanana  

Yehowa ɖo eŋu nam be, “Nɔ ŋku lém ɖe dukɔ siwo ƒo xlã wò la ŋuti eye nu si nàkpɔ la awɔ nuku na wò. Mele nane wɔ ge le wò ŋkekewo me esi ne wogblɔe na wò la màxɔe ase o.


Esi ameawo ʋu woƒe nu vɔ̃wo me la, ede mawutsi ta na wo le Yɔdan tɔsisi la me.


Dzesi siawo akplɔ ame siwo axɔe se la ɖo: le nye ŋkɔ me woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe. Woaƒo nu kple aɖe yeyewo.


Esiwo ge ɖe kpenyigba dzi lae nye ame siwo ne wose nya la la, woxɔnɛ kple dzidzɔ, gake metoa ke ɖe woƒe dziwo me be wòatsi o. Woxɔna sena ɣeyiɣi aɖe, ke le tetekpɔ ƒe ɣeyiɣiwo me la, wogbɔdzɔna.


Elabena Fofo la lɔ̃a Via, eye wòfiaa nu sia nu si wòwɔna lae. Ɛ̃, awɔ nuku na mi be Fofo la afia nu gãwo wu esiawoe.


Yesu gblɔ na wo be, “Nukunu ɖeka pɛ ko mewɔ, eye mi katã miaƒe mo wɔ yaa.


Le Dzudzɔgbe si dze eyome dzi la, du blibo la katã kloe va ƒo ƒu be yewoase Aƒetɔ ƒe nya la.


Mawu wɔ nukunu tɔxɛwo to Paulo ƒe asi dzi


de dzesii be eyae nye ŋutsu ma si nɔa nu biam le gbedoxɔ la ƒe agbo si woyɔna be “Agbo Nyui” la nu; Woƒe nu ku, eye woƒe mo wɔ yaa le nu si dzɔ ɖe edzi la ta.


Wɔƒe kple gomekpɔkpɔ aɖeke mele asiwò le subɔsubɔdɔ sia me o, elabena wò dzi menyo le Mawu ƒe ŋkume o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa