Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 7:8 - Agbenya La

8 Mawu de se na Abraham be wòatso aʋa na via ŋutsuviwo abe nubabla si le Mawu kple Abraham ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe kpeɖodzinu ene. Le esia ta la, esi Isak si nye Abraham ƒe viŋutsu xɔ ŋkeke enyi ko la, fofoa tso aʋa nɛ. Isak ƒe viŋutsue nye Yakob, ame si hã ƒe viŋutsu wuieveawo me Israel dukɔa ƒe tɔgbui wuieveawo dzɔ tso.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye wòna aʋatsotso ƒe nubablae, eye ale wòdzi Isak, eye wòtso aʋa nɛ le ŋkeke enyiagbe; eye Isak dzi Yakob, eye Yakob dzi tɔgbui wuieveawo.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 7:8
20 Mawu Ofanana  

Ke esi Yakob melɔ̃ Lea tututu o ta la, Yehowa na vi Lea, eye wòna Rahel tsi ko.


efɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi na Yakob.


Emegbe la, wodzo le Betel, eye woɖo ta Efrat alo Betlehem lɔƒo. Ke Rahel de asi kuléle me le esime azɔli didi aɖe ganɔ ŋgɔ na wo.


Esime Rahel nɔ kudɔ ƒom la, ena ŋkɔ ɖevi la be, “Ben Oni” si gɔmee nye “Nye Konyifafa ƒe Vi,” eye wòku. Yakob ya na ŋkɔ ɖevi la be “Benyamin” si gɔmee nye “Nye Nuɖusi ƒe Vi.”


Abraham ƒe vi, Isak, dzi Esau kple Israel.


Abraham dzi Isak, Isak dzi Yakob, eye Yakob dzi Yuda kple nɔviawo,


Ke Mose fia aʋatsotso mi, eye mietsoa aʋa na mia viwo le Dzudzɔgbe ŋkekea gɔ̃ hã dzi. (Ke menye Mosee to aʋatsotso vɛ o, ke boŋ edzɔ tso fofoawo dzi le blema.)


Petro yi edzi be, “Nɔviwo, mɔ li be magblɔ nya na mi kple dzideƒo le tɔgbui David la ŋuti, be eku, eye woɖii, eƒe yɔdo le mía dome va se ɖe egbe.


Nu ka ta wobu Abraham ƒe xɔse nɛ dzɔdzɔenyenyee ɖo? Ɖe wobui nɛ dzɔdzɔenyenyee le eƒe aʋatsotso megbe alo do ŋgɔ na eƒe aʋatsotsoa? Menye le eƒe aʋatsotso megbe o, ke boŋ do ŋgɔ na eƒe aʋatsotso!


Nɔviwo, mana kpɔɖeŋu aɖe mi tso gbe sia gbe-gbenɔnɔ me. Abe ale si ame aɖeke mate ŋu atu alo atsɔ naneke akpe ɖe nubabla si amegbetɔwo wɔ ŋu o ene la, nenema wòle le go sia me hã.


Nu si gblɔm mele la gɔmee nye: Se si wowɔ le ƒe 430 megbe la, mete ŋu tu nubabla si Mawu wɔ do ŋgɔ la o, nenema ke metu ŋugbedodo la hã o.


Mibu ale si wònye gãe la ŋuti kpɔ. Abraham, xɔsetɔwo fofo gɔ̃ hã tsɔ eƒe afunyinuwo ƒe ewolia nɛ!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa