Esi Tiro fia, Hiram se be wosi ami na Solomo heɖoe fiae ɖe fofoa, David teƒe la, eɖo eƒe ame dɔdɔwo ɖe Solomo elabena eya kple David wonye xɔlɔ̃ veviwo.
Le ƒe alafa ene blaenyilia me, le Israelviwo ƒe gododo le Egipte megbe, esi nye Solomo ƒe fiaɖuɖu le Israel ƒe ƒe enelia me le dzinu evelia, Zib me la, edze Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu gɔme.
Esi David ɖi ɖe eme le eƒe fiasã la me la, egblɔ na Nyagblɔɖila Natan be, “Kpɔ ɖa! Mele xɔ siwo me wofa sedatiwo ɖo la me, ke Yehowa ƒe nubablaɖaka la ya le agbadɔ te.”
Tete Solomo na wodze Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu gɔme. Wotui ɖe Yerusalem, le Moria to la dzi, afi si Yehowa ɖe eɖokui fia Solomo fofo, Fia David le, afi si Arauna, Yebusitɔ la ƒe lugbɔƒe nɔ. David tia teƒe ma be wòanye gbedoxɔ la ƒe nɔƒe.