Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 7:43 - Agbenya La

43 Kpao, menye nyee miesa vɔ na o, ke boŋ miaƒe susuwo katã nɔ Molek ƒe agbadɔ kple mawu Refan ƒe ɣletivinɔnɔme, siwo nye legba miewɔ be miasubɔ la ŋu. Le esia ta la, maɖo mi ɖe aboyo me, ayi keke Babilonia godo ke.’

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

43 Ẽ, mietsɔ Molox ƒe agbadɔ kple mawu Romfan ƒe ɣletivi, nɔnɔme, siwo miewɔ, be miasubɔ la, ɖe asi eye made asi le mia ŋu, be miayi Babilonia godoo.“

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 7:43
13 Mawu Ofanana  

Etu nuxeƒe aɖe gɔ̃ hã ɖe Amito la dzi le balime la godo tso Yerusalem, na Kemos, Moabtɔwo ƒe ŋunyɔmawu la eye wògatu bubu na Molek, Amonitɔwo ƒe ŋunyɔmawu la hã.


Mlɔeba la, le Hosea ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me la, Asiriatɔwo xɔ Samaria. Woɖe aboyo Israelviwo yi Asiria eye woɖo wo dometɔ aɖewo ɖe Hala du la me, bubuwo nɔ duwo me le Habor tɔsisi la ŋu le Gozan eye mamlɛawo nɔ Mediatɔwo ƒe du me.


Ɣe ma ɣie Asiria fia ɖe aboyo Israelviwo yi Asiria eye wòda wo ɖe Hala du la me kple teƒe siwo le Habor tɔsisi la to le Gozan kple Mediatɔwo ƒe duwo me.


Etsɔa Via ŋutsuvi saa dzovɔe. Ekaa afa, dea nubiaƒe kple ŋɔliyɔlawo gbɔ. Ewɔ nu siwo nye vɔ̃ la geɖe fũu le Yehowa ŋkume hetsɔ do dzikue nɛ.


Wotu nuxeƒewo na Baal le Ben Hinom ƒe Balime, ne woatsɔ wo viŋutsuviwo kple wo vinyɔnuviwo asa vɔe na Molek, evɔ nyemeɖo nu sia na wo gbeɖegbeɖe alo wòayi nye ta me va ge, be woawɔ ŋunyɔnu sia eye woakplɔ Yuda ade nu vɔ̃ me o.


“ ‘Mègatsɔ viwò aɖeke na Molek o; atsɔe asa vɔe le eƒe vɔsamlekpui dzi. Mègaƒo ɖi wò Mawu ƒe ŋkɔ o, elabena nyee nye Yehowa.


“O, Israelviwo, nyee mietsɔ lã wuwuwo kple numemewo sa vɔ na esi mienɔ gbedzi ƒe blaene sɔŋ?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa