Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 6:6 - Agbenya La

6 Esi wotia ame adre siawo vɔ la, wokplɔ wo va apostoloawo gbɔe, eye wodo gbe ɖa ɖe wo ta, da asi ɖe wo dzi, heyra wo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 amesiwo wotsɔ ɖo apostoloawo ƒe ŋku me; eye esi wodo gbe ɖa vo la, wòda asi ɖe wo dzi.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 6:6
14 Mawu Ofanana  

Yehowa ɖo eŋu be, “Yi nàkplɔ Yosua, Nun ƒe viŋutsu, ame si me Gbɔgbɔ la le la,


Le afi ma la, nana Levitɔ nava Yehowa ƒe ŋkume eye Israelviwo ada asi ɖe wo dzi,


eye wòɖe kuku nɛ vevie be wòava da gbe le ye vinyɔnuvi sue si dze dɔ la ŋu na ye. Egblɔ na Yesu be, “Vinye la ɖo kudo nu vɔ, eya ta meɖe kuku va da asi ɖe edzi be wòagbɔ agbe.”


Emegbe la, wodo gbe ɖa gblɔ be, “Aƒetɔ, wòe nya ame sia ame ƒe dzi me, eya ta fia ame si nètia le ame eve siawo dome mí


Wogayi edzi wɔ nutsitsidɔ hedo gbe ɖa ɣeyiɣi aɖe, eye le esia megbe la, woda asi ɖe Barnabas kple Saulo dzi, do gbe ɖa ɖe wo ta, eye wodo mɔ wo be woayi.


Esi Paulo da asi ɖe wo dzi la, woxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, eye woƒo nu kple gbegbɔgblɔ bubuwo hegblɔ nya ɖi hã.


Esi Petro kple Yohanes nɔ gbea dom ɖa la, woda woƒe asiwo ɖe xɔsetɔawo dzi, eye enumake woxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.


elabena meɖee fiae le ŋutega me be wò, Anania, àva egbɔ, ada asi ɖe edzi be eƒe ŋkuwo naʋu, ale be wòagate ŋu akpɔ nu.”


Anania tso heyi Saulo ƒe aƒe me, eye wòda asi ɖe edzi gblɔ nɛ be, “Nɔvinye Saulo, Aƒetɔ Yesu, ame si ɖe eɖokui fia wò le Damasko mɔ dzi la ɖom ɖa be mada gbe le ŋuwò, eye tso esia dzi la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nayɔ mewò be nàgakpɔ nu.”


Nunya ƒe gbɔgbɔ yɔ Yosua, Nun ƒe viŋutsu me, elabena Mose da eƒe asiwo ɖe edzi, eya ta Israelviwo ɖo toe, eye wowɔ ɖe se siwo katã Yehowa de na wo to Mose dzi la dzi.


Kpɔ egbɔ be, yewɔ amenuvenunana siwo Mawu na wò to eƒe nyagblɔɖilawo dzi, esi hamemegãwo da asi ɖe dziwò la ŋu dɔ nyuie.


Mègatsi dzi klokloklo le hamemegãtiatia me o. Wò ŋku abu le eƒe nu vɔ̃wo dzi, eye wòawɔ abe ɖe nède eƒe nu vɔ̃wo dzi ene. Lé ɖokuiwò dzadzɛ.


Le esia ta mele ŋku ɖom edzi na wò be nàde dzo Mawu ƒe nunana si ge ɖe mewò to nye asidada ɖe dziwò me la me,


nufiafia tso mawutsideta ŋu, asidada ɖe ame dzi, ame kukuwo ƒe tsitretsitsi kple ʋɔnudɔdrɔ̃ mavɔ ŋuti o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa