Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 6:12 - Agbenya La

12 Ale wode zi ameawo, amegãwo kple agbalẽfialawo me. Wolé Stefano hekplɔe yi ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ŋkumee.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye wode zi dukɔ la kple amegãwo kpakple agbalẽfialawo me; eye wova dze edzi, eye wòlée hekplɔe yi ɖe ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ŋku me;

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 6:12
15 Mawu Ofanana  

Dɔmedzoetɔ hea mama vɛ, ke dzigbɔɖitɔ tsia dzre nu.


Ameha la kplɔ Yesu yi ɖe nunɔlagã Kayafa ƒe aƒe me, afi si agbalẽfialawo kple dumegãwo katã va ƒo ƒu ɖo la.


Ke nye la, mele egblɔm na mi be, ame si ado dɔmedzoe ɖe nɔvia ŋu la, woakplɔe ayi ʋɔnui. Nenema ke ame si agblɔ na nɔvia be, ‘Mènyo na naneke o’ la, woahee va Sanhedrin la ƒe ŋkume. Ke ne ame aɖe agblɔ be, ‘Èdzɔ lã!’ la, ayi dzomavɔʋe la me.


Esi Yesu nɔ nu fiam amewo, eye wònɔ nyanyui la gblɔm na wo le gbedoxɔ la me le ŋkeke mawo dometɔ ɖeka dzi la, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple dumegãwo va ƒo xlãe heɖe ɖeklemi kplii.


Dɔ me ve Yudatɔwo ƒe dumegãwo ale gbegbe be wode ʋunyaʋunya dua me nyɔnu ŋkuta siwo vɔ̃a Mawu kple dumegãwo me, ale be tɔtɔ gã aɖe va, eye to esia me la, wonya Paulo kple Barnabas do goe le dua me.


Ke Yudatɔ siwo medina be yewoaxɔ Mawu ƒe ɖeɖenya sia dzi ase o la, gblɔ nya baɖa ƒomevi geɖewo ɖe wo nɔviawo ŋu. Wowɔ esia be ame siwo menye Yudatɔwo o la nagaxɔ woƒe nyawo dzi ase o.


Esi Yudatɔ siwo tso Tesalonika la gase be Paulo nɔ mawunya gblɔm le Berea la, wogati wo yome yi afi ma hã, eye wògade zi ameawo me ɖe wo ŋu.


Ke esi Galio nye dziɖula le Akaya nuto me la, Yudatɔwo wɔ ɖeka ɖe Paulo ŋu, eye wokplɔe yi ʋɔnui.


Ke esi wòsusɔ vie ŋkeke adrea nade la, Yudatɔ aɖewo tso Asia nuto me va Yerusalem, eye wokpɔ Paulo le gbedoxɔ la me. Enumake wode ʋunyanya amewo dome ɖe eŋu, eye wolé Paulo henɔ ɣli dom ɖe eŋu be,


Ale wolé apostoloawo de gaxɔ me.


Wokplɔ apostoloawo va ʋɔnudrɔ̃ƒe la ƒe ŋkume be nunɔlagã nabia gbe wo.


Le esia ta la, wokplɔ ŋutsu aɖewo be woava ɖi aʋatsoɖase be, “Míese Stefano wòle busunya gblɔm ɖe Mose kple Mawu ŋu.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa