Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 6:11 - Agbenya La

11 Le esia ta la, wokplɔ ŋutsu aɖewo be woava ɖi aʋatsoɖase be, “Míese Stefano wòle busunya gblɔm ɖe Mose kple Mawu ŋu.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Tete wotra ŋutsua ɖewo ɖe wo me, amesiwo gblɔ bena: Miese wòle busunyawo gblɔm ɖe Mose kple Mawu ŋu.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 6:11
28 Mawu Ofanana  

“Mègakaka aʋatsonyawo o, eye mègaɖu aʋatsoɖasefo na ame vɔ̃ɖi o.


Tete nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo gblɔ na dumegãwo kple ameha la be, “Ele be woatso kufia na ŋutsu sia, elabena egblɔ nya ɖi ɖe du sia ŋuti. Miawo ŋutɔ miesee kple miaƒe towo!”


Gake esi wòɖo Benyamin ƒe Agbo nu la, agbonudzɔlawo ƒe amegã si ŋkɔe nye; Iriya, Selemia ƒe vi, Hananiya ƒe vi, lée hegblɔ be, “Èsi, be yeayi ɖe Babiloniatɔwo dzi!”


woawu ame sia ame si ado vlo Yehowa ƒe ŋkɔ. Ame sia ame si le ameha la me aƒu kpee. Eɖanye dzɔleaƒea loo alo amedzro, ne edo vlo Ŋkɔ la ko, woawui.


Se la to Mose dzi va, ke Yesu Kristo ya tsɔ amenuveve kple nyateƒe la vɛ.


Woawɔ esiawo elabena womedze sim alo Fofo la o.


Míenya be Mawu ƒo nu na Mose, ke ame sia la, míenya afi si wòtso hã o.”


Elabena tso blema ke la, wogblɔ Mose ƒe se la na mí le du sia du me le ƒuƒoƒewo katã le Dzudzɔgbe sia Dzudzɔgbe dzi na Yudatɔwo katã.”


Ke le ale si Yudatɔwo tsi tsitre ɖe Paulo ŋu sesĩe, eye gawu la, wonɔ busunyawo gblɔm ta la, Paulo ɖe asi le woƒe nya me, eye wògblɔ na wo be, “Miaƒe ʋu neva miawo ŋutɔ ƒe ta dzi. Nye asi megale miaƒe nya me o. Tso azɔ dzi yina la, magblɔ nyanyui la na ame siwo menye Yudatɔwo o.”


“Israelviwo, mixɔ na mí loo! Ame siae tsi tsitre ɖe Yudatɔwo ŋu, eye wònɔ gbɔgblɔm na amewo be womegawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo dzi o. Gawu la, edo vlo míaƒe gbedoxɔ la hã, eye wòkplɔ Helatɔwo yi míaƒe gbedoxɔ mee be yeaɖi gbɔ̃ teƒe kɔkɔe sia.”


Wodze agbagba bia amenuveve tso Festus gbɔ be wòaɖo Paulo ɖe Yerusalem enumake kple susu be, yewoabe ɖe mɔa dzi awui.


Esi Paulo va ɖo ʋɔnua ko la, Yudatɔ siwo tso Yerusalem va la le tsitre ƒo xlãe, eye wotsɔ nutsotso vevi geɖewo vɛ ɖe Paul ŋu, esiwo ŋu womete ŋu fia kpɔɖeŋu aɖeke le o.


Mewɔ funyafunya ƒomevi geɖewo Kristotɔ siawo le ƒuƒoƒewo katã be wogblɔ busunya. Melé fu ame siawo ale gbegbe be metia wo yome yia du bubuwo ke hã me.


Gake wo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖu Stefano dzi o, le eƒe nunya kple gbɔgbɔ si le eme la ta.


Ale wode zi ameawo, amegãwo kple agbalẽfialawo me. Wolé Stefano hekplɔe yi ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ŋkumee.


Aʋatsoɖaseɖila siawo va ɖi ɖase le eŋu le ʋɔnua be, “Ame sia ƒe nuƒoƒo tsia tsitre ɖe teƒe kɔkɔe la kple Mose ƒe sewo ŋu ɣe sia ɣi.”


Nu ka ta womagblɔ be, abe ale si ame aɖewo ka aʋatso ɖe mía si ene be míegblɔ be, “Mina míawɔ nu vɔ̃ be nu nyui nado tso eme” o ɖo? Enyo be woabu fɔ wo!


togbɔ be meɖu fewu le Kristo ƒe ŋkɔ ŋuti kpɔ gɔ̃ hã. Meti eƒe amewo ƒe agbe yome, eye mewɔ nu vevi wo le mɔ ɖe sia ɖe si dzi mate ŋui la nu. Ke Mawu kpɔ nublanui nam, elabena nyemenya nu si wɔm menɔ la o, eye dzixɔse menɔ asinye o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa