Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 5:21 - Agbenya La

21 Esi ŋu ke la, apostoloawo va ɖo gbedoxɔ la me abe ale si wogblɔ na wo la ene, eye wodze nufiafia ameawo gɔme. Sẽe ko la, nunalɔgã la kple eŋumewo hã va ɖo gbedoxɔ la me. Woyɔ Israel ƒe takpekpe gã me nɔlawo ƒo ƒu ɖe woƒe takpeƒe, eye wodɔ asrafoawo be woaɖakplɔ apostoloawo tso gaxɔ la me vɛ ne yewoadrɔ̃ ʋɔnu wo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eye esi wosee la, woto dzi yi mawuxɔ me le ŋdikanya, eye wòfiã nu. Ke nunɔlagã kple amesiwo le eŋu la, wova, eye woyɔ adaŋudelawo kple Israel-viwo ƒe ame tsitsiwo katã va ƒo ƒu, eye wodo ɖo ɖe gaxɔ me, be woakplɔ wo vɛ.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 5:21
16 Mawu Ofanana  

be wòade dɔ asi na eƒe dɔnunɔlawo ale si dze eŋu, eye wòafia nunya eƒe dumegãwo.


Ke nye la, mele egblɔm na mi be, ame si ado dɔmedzoe ɖe nɔvia ŋu la, woakplɔe ayi ʋɔnui. Nenema ke ame si agblɔ na nɔvia be, ‘Mènyo na naneke o’ la, woahee va Sanhedrin la ƒe ŋkume. Ke ne ame aɖe agblɔ be, ‘Èdzɔ lã!’ la, ayi dzomavɔʋe la me.


Le ŋufɔke ŋdi kanya la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo, dumegãwo kple agbalẽfialawo va ɖi anyi, eye wokplɔ Yesu va woƒe ŋkumee.


Pilato ɖo eŋu dɔmedzoetɔe be, “Yudatɔe menye hafi nèle nya sia biamem mahã? Wò ŋutɔ wò amewo kple miaƒe nunɔlagãwoe kplɔ wò va gbɔnyee? Nu ka nèwɔ? Agɔ ka nèdze?”


Le fɔŋli la, egatrɔ yi gbedoxɔ la me. Ameha gã aɖe gaƒo ƒu ɖe eŋu, eye wònɔ anyi hefia nu wo.


Hekpe ɖe esia ŋu la, ele be nànye eƒe ɖaseɖila na amewo katã, eye nàgblɔ nu siwo nèkpɔ kple nu siwo nèse la hã na amewo.


Yudatɔwo ƒe nunɔlagã kple amegã ɖe sia ɖe ate ŋu aɖi ɖase na mi le nya siawo ŋu, elabena mexɔ agbalẽ tɔxɛ tso wo gbɔ le Yerusalem si na ŋusẽm be mayi wo nɔviwo Yudatɔwo ƒe amegãwo gbɔ le Damasko, eye woakpe ɖe ŋunye be malé Kristotɔ siwo katã le dua me la, akplɔ wo va Yerusalem be woahe to na wo.


Ke nunɔlagã la kple eŋume siwo tso Zadukitɔwo ƒe kɔ aɖe me la yɔ fũu kple ŋuʋaʋã.


Wokplɔ apostoloawo va ʋɔnudrɔ̃ƒe la ƒe ŋkume be nunɔlagã nabia gbe wo.


Ke Farisitɔ aɖe le wo dome si ŋkɔe nye Gamaliel, enye agbalẽfiala hã, eye amewo katã dea bubu eŋu. Etsi tsitre le takpekpea me gblɔ be woaɖe kpɔ apostoloawo vie.


Apostoloawo ɖe abla do go le takpexɔa me kple dzidzɔ blibo be wodo ŋukpe yewo le Yesu ƒe ŋkɔ ta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa