Ame si ɖe adzɔgbe be yeatsɔ lãtsu si de blibo le yeƒe lãhawo dome asa vɔe na Yehowa gake wòɖɔlii kple lã lédɔ la, fiƒode neva edzi wòaɖi eŋu kpekpekpe elabena nye la, Fiagãe menye eye ele be woatsɔ vɔvɔ̃ na nye ŋkɔ le dukɔwo dome.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔ nya siawo.
Menye sikanuwo kple klosalonuwo ɖeɖe koe nɔa aƒe gã me o, ke boŋ atinuwo kple anyinuwo hã nɔa anyi, ɖewo na bubumewo xɔxɔ, eye ɖewo hã na gbe sia gbe ƒe ŋudɔwɔwɔ.