Dɔwɔwɔwo 4:19 - Agbenya La19 Ke Petro kple Yohanes ɖo eŋu gblɔ na wo be, “Miawo ŋutɔwo mibu eŋu kpɔ be enyo le Mawu gbɔ be míase amegbetɔ ƒe gbe, agbe eya Mawu ƒe gbedziwɔwɔ hã? Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191319 Ke Petro kple Yohanes woxɔ dzi na wo gblɔ bena: Nenye be, edzɔ le Mawu ƒe ŋku me bena, míaɖo to miawo awu Mawu la, mibu eŋu kpɔ! Onani mutuwo |
Fia Ahaz gblɔ na nunɔla Uria be wòawɔ vɔsamlekpui yeye la ŋu dɔ le numevɔwo, fiẽnuɖuvɔwo, fia ƒe numevɔwo kple nuɖuvɔwo kple ameawo ƒe vɔsawo kple woƒe nunovɔwo sasa me. Wòatsɔ numevɔsawo kple akpedavɔsawo ƒe ʋu ahlẽ ɖe vɔsamlekpui yeye la ŋu, ke ye ŋutɔ yeawɔ akɔblivɔsamlekpui xoxo la ŋu dɔ hena nukaka ko.