Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 3:21 - Agbenya La

21 Ɛ̃, abe ale si nyagblɔɖila kɔkɔewo gblɔe da ɖi xoxoxo ene la, ele be Yesu nanɔ dziƒo va se ɖe esime Mawu naɖɔ nu sia nu ɖo keŋkeŋkeŋ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Amesi wòle na dziƒo be, wòaxɔ tsã vaseɖe nuwo katã ƒe ɖɔɖɔɖoɣi la dzi, esiwo ŋuti Mawu ƒo nu le, to eƒe nyagblɔɖila kɔkɔewo katã ƒe nu me tso xexeme ƒe gɔmedzedzea me la.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 3:21
16 Mawu Ofanana  

Emegbe la, maɖo ʋɔnudrɔ̃lawo na mi abe tsã ene, eye mana aɖaŋudelawo mi abe ale si wònɔ le gɔmedzedzea me ene. Emegbe la, woayɔ mi be Dzɔdzɔenyenye kple Nuteƒewɔwɔ ƒe Du.”


(abe ale si wògblɔe to eƒe Nyagblɔɖila kɔkɔewo dzi le blema ene),


Ame eve siawo gblɔ na wo bena, “Mi Galilea ŋutsuwo, nu ka ta miegale tsitre ɖe afi sia le yame kpɔm gãa ale? Yesu si Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔ yi dziƒoe le mia gbɔ, agatrɔ agbɔ abe ale si tututu miekpɔe wokɔe yi dziƒoe ene.”


Nyagblɔɖilawo katã hã ŋlɔ nu tso Yesu ŋu gblɔ be ame sia ame si axɔ edzi ase la, woatsɔ eƒe nu vɔ̃wo akee to eƒe ŋkɔ la me.”


Ke azɔ la, nɔviwo, mitrɔ dzi me, miatrɔ ɖe Mawu ŋu, be wòatutu miaƒe nu vɔ̃wo ɖa, eye miaxɔ fafa tso aƒetɔ la gbɔ,


ne wòaɖo Kristo si nye Yesu, ame si wòtia na mi la ɖe mi.


be nuwɔwɔ la axɔ ablɔɖe tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye me age ɖe Mawu viwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me.


Le blema la Mawu ƒo nu na mia fofowo zi geɖe to mɔ vovovowo dzi to Nyagblɔɖilawo dzi.


Elabena nyagblɔɖi ƒe dzɔtsoƒe metso amegbetɔ ƒe lɔlɔ̃nu me kpɔ o, ke boŋ ame xɔa gbe tso Mawu gbɔ abe ale si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔe ene.


Medi be miaɖo ŋku nya siwo Mawu ƒe nyagblɔɖila kɔkɔewo gblɔ na mi va yi kple se si míaƒe Aƒetɔ kple Ɖela de na mi to miaƒe apostolowo dzi la dzi.


“O dziƒo, dzɔ dzi le eya amea ta! Mi Mawu ƒe amewo apostolowo kple nyagblɔɖilawo, mitso aseye! Elabena Mawu drɔ̃ ʋɔnui ɖe ale si wòwɔ fu mi la ta.”


Mawudɔla la gblɔ nam be, “Nya siawo nye nya siwo ŋu woaɖo dzi ɖo la, eye wonye nyateƒe. Aƒetɔ la, nyagblɔɖilawo ƒe gbɔgbɔ ƒe Mawu la dɔ eƒe dɔla be wòafia nu siwo ava dzɔ kpuie la eƒe dɔlawo.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa