Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 3:11 - Agbenya La

11 Ŋutsu si woyɔ dɔe la mía eɖokui ɖe Petro kple Yohanes ŋu kplikplikpli va ge ɖe gbedoxɔ la ƒe akpa si woyɔna be, Solomo ƒe Akpata la me, eye ameha la ƒo zi va wo gbɔ eye woƒe nu ku.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye esi wòmiã eɖokui ɖe Petro kple Yohanes ŋu la, dukɔ blibo la katã si du va ƒo ƒu ɖe wo gbɔ le akpata, si woyɔna be Salomo ƒe akpata la me, eye woƒe nu ku.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 3:11
9 Mawu Ofanana  

Nu ka ta nègblɔ nya ɖi ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ me be gbedoxɔ sia azu abe Silo ene eye du sia azu aƒedo si me ame aɖeke maganɔ o?” Ale zi ƒo ɖe Yeremia ŋuti le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me.


Yesu dɔ Petro kple Yohanes be woado ŋgɔ aɖawɔ dzadzraɖo na yewoƒe Ŋutitotoŋkekea ɖuɖu.


Hafi wòadzo la, ame si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃awo le la ɖe kuku nɛ vevie be yeayi kplii. Ke Yesu gbe gblɔ nɛ be,


eye Yesu nɔ gbedoxɔ la me nɔ zɔzɔm le teƒe si woyɔna be Solomo ƒe Akpata la me.


Esi wose ɣli si nɔ ɖiɖim le afi si nusrɔ̃lawo nɔ la, ame geɖewo fũu ɖe abla va teƒea. Ame siawo ƒe nu ku ŋutɔ, elabena ame sia ame see wonɔ eƒe degbe gblɔm.


Esi Petro kpɔ esia la, egblɔ na wo be, “Israeltɔwo, nu ka ta nuwɔna sia wɔ nuku na mi? Nu ka ta mile mía kpɔm abe míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ alo míaƒe kɔkɔenyenye tae míete ŋu da gbe le ame sia ŋu, ale be wòte ŋu le zɔzɔm ɖo mahã?”


Esi wòkpɔ Petro kple Yohanes woyina ɖe gbedoxɔa me la, edo ɣli bia wo be woana ga ye.


Petro kple Yohanes trɔ kpɔe dũu, eye Petro gblɔ nɛ be, “Fɔ ta dzi nàkpɔ míaƒe ŋkume.”


Le ɣeyiɣi siawo me la, apostoloawo ƒoa ƒu edziedzi ɖe gbedoxɔ ƒe akpa si woyɔna be “Solomo ƒe Akpata” la me, eye wonɔa dzesi kple nukunu geɖewo wɔm le afi ma.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa