Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 28:2 - Agbenya La

2 Ƒukpoa dzi tɔwo xɔ mí nyuie ŋutɔ. Esi tsi nɔ dzadzam eye vuvɔ nɔ wɔwɔm ta la, wodo dzo gã aɖe na mí be míaƒu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye menye dɔmenyonyo via ɖe afimatɔwo wo na nu o; elabena wodo dzo, eye woxɔ mi katã ɖe egbɔ le tsidzadza kple vuvɔ ŋuti.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 28:2
19 Mawu Ofanana  

Le ŋkeke etɔ̃ me la, Yuda kple Benyamin ŋutsuwo katã va ƒo ƒu ɖe Yerusalem. Ale le dzinu asiekelia ƒe ŋkeke blaevea gbe la, ameawo katã va nɔ anyi ɖe xɔxɔnu si dze ŋgɔ Mawu ƒe aƒe la. Wonɔ dzodzom nyanyanya le nya sia kple tsi gã si nɔ dzadzam la ta.


“ ‘Mègabia hlɔ̃ o. Mègalé nya ɖe dɔ me o, ke boŋ lɔ̃ nɔviwò abe ɖokuiwò ene, elabena nyee nye Yehowa.


Ele be mialé be na wo abe mia ɖokuiwo ene, eye miaɖo ŋku edzi be miawo hã mienye amedzrowo kpɔ le Egiptenyigba dzi. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu!


Ne ame aɖe ana tsi fafɛ kplu ɖeka ame gblɔe siawo dometɔ ɖeka, be enye nye nusrɔ̃la ta la, mele egblɔm na mi le nyateƒe me be mabu fetu si wòaxɔ la o.”


Vuvɔ nɔ wɔwɔm, ale subɔlawo kple kpovitɔwo nɔ dzo ƒum be woƒe lãme naxɔ dzo. Ale Petro hã tsi tsitre ɖe wo gbɔ nɔ dzoa ƒum.


Le ŋkeke evea gbe la, míeva ɖo Sidon. Asrafoawo ƒe amegã, Yulio nyo dɔ me na Paulo, ale be wòɖe mɔ nɛ wòɖi tsa de dua me ɖakpɔ xɔlɔ̃awo ɖa, eye wodi eƒe nu hiahiã aɖewo nɛ.


Esi Paulo fɔ nake wuwlui aɖewo be yeade dzoa me ko la, da vɔ̃ɖi aɖe do tso nake la me, le dzoxɔxɔ la ta, eye wòbla ɖe Paulo ƒe alɔnu.


Nu sia wɔ nuku, eye wòdo vɔvɔ̃ na ame siwo nɔ afi ma ŋutɔ, ale wogblɔ na wo nɔewo be, “Ame sia la, hlɔ̃dola vɔ̃ɖi aɖee wònye; togbɔ be metsi ƒu me ku o hã la, Mawu ƒe hlɔ̃biabia melɔ̃ be wòatsi agbe o.”


Enye nye dɔdeasi be magblɔ nyanyui la na Grikitɔwo kple ame siwo menye Grikitɔwo o la, na nunyalawo kple bometsilawo siaa.


Mixɔ nɔvi ɖe sia ɖe si adi be yeage ɖe hamea me la nyuie, ne eƒe xɔse mesẽ ŋu o hã. Migahe nya ɖe eŋu le eƒe susu siwo to vovo tso mia tɔwo gbɔ la ŋu le nu si nyo alo nu si menyo o la ta o.


Mele be ame siwo buna be enyo be woaɖu lã ma tɔgbi la nado vlo ame siwo mebuna nenema o. Ne mienye ame siwo meɖunɛ o la, migaɖe vodada na ame siwo aɖui o. Elabena Mawu xɔ wo be woanye ye viwo.


Ame si wometso aʋa na le ŋutilã me o, gake wòwɔna ɖe se la dzi la, abu fɔ wò, ame si, togbɔ be woŋlɔ se la na wò, eye wotso aʋa na wò hã la, nènye sedzidala.


ke womenye naneke na nye ya o. Ame si aƒo nu nam le gbe siawo dometɔ ɖeka me la anye amedzro nam, eye nye hã manye amedzro nɛ.


Le dɔwɔwɔ fũu ta la, ɖeɖi tea ŋunye, eye metsi zãdomadɔlɔ̃e zi geɖe. Dɔ kple tsikɔ wuam zi geɖe. Dɔƒe hã menɔa asinye o, eye le zã me la, vuvɔ wɔam, elabena avɔ titri menɔ asinye o.


Le agbe yeye sia nɔnɔ me la, Grikitɔ, Yudatɔ, aʋatsotsotɔ alo aʋamatsomatsotɔ, ŋkumaʋamaʋutɔ alo Skitiatɔ, kluvi alo ablɔɖevi megali o, ke boŋ wo katã nye kristotɔ, eye Kristo le wo katã me.


Migaŋlɔ amedzrowɔwɔ be o; to esia wɔwɔ me la, ame aɖewo xɔ mawudɔlawo le manyamanya me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa