Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 27:4 - Agbenya La

4 Esi míegadze mɔ tso afi ma teti ko la, míedo abala to Kipro ƒukpo la ƒe anyiehe gome, elabena ya sesẽ aɖe ƒo va kpe mí.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye esi mieho tso afima la, mieɖo abala to Kipro ƒe anyiehe; elabena ya ƒo le mia kpem.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 27:4
10 Mawu Ofanana  

ke afi si tɔdziʋu la ɖo la didi tso gota gbɔ, eye ƒutsotsoewo nɔ enyamam, elabena ya nɔ ƒoƒom henɔ ʋu la kpem.


Yesu ɖeka nɔ godzi kpɔ wo ɖa. Ekpɔ be ya sesẽ si nɔ ƒoƒom la nɔ fu ɖem na wo ale gbegbe be ʋua kuku sesẽ na wo ŋutɔ. Anɔ abe fɔŋli ga etɔ̃ me ene la, Yesu zɔ ƒu la dzi ɖo ta wo gbɔ. Ewɔ abe ɖe wòbe yeazɔ to wo ŋu ene,


Gbe bubu gbe esi eya kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ ʋu aɖe me le ƒua dzi la, Yesu bia tso nusrɔ̃lawo si be woaku ʋua yi ƒua ƒe go evelia dzi.


Le Kipro la, Saulo kple Barnabas wodze mɔ le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kpɔkplɔ te heyi ɖe Seleukia. Le afi sia la, woɖo tɔdziʋu heyi ɖe Kipro. Wokplɔ Marko Yohanes hã ɖe asi abe woƒe kpeɖeŋutɔ ene.


Nu sia he masɔmasɔ de Paul kple Barnabas dome ale gbegbe be wo dome ma. Barnabas kplɔ Marko ɖe asi, eye woɖo tɔdziʋu yi Kipro.


Nusrɔ̃la aɖewo tso Kaesarea kplɔ mí ɖo, eye esi míeva ɖo Yerusalem la, míedze xɔsetɔwo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Mnason, ame si nye xɔsetɔ xoxoawo dometɔ ɖeka si tso Kipro la ƒe aƒe me.


Míeto Kipro ƒukpo la ŋu le miame lɔƒo, eye míeva ɖi go ɖe Tiro ʋudzeƒe la le Siria. Ʋu la ɖe agba le afi sia.


Míenɔ tsia dzi, eye míekpe fu ŋkeke geɖewo hafi va ɖo Knido gbɔ lɔƒo. Ya nɔ ƒoƒom sesĩe ale gbegbe be ɖeko míegbɔ eme to Salmone ʋudzeƒe la ŋu heyi Kreta.


Yosef, Levitɔ, ame si wodzi le Kipro, eye apostoloawo yɔna hã be Barnabas (si gɔmee nye “dzideƒovi la”),


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa