Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 27:12 - Agbenya La

12 Eye esi wònye be Ʋudzeƒe Nyui sia hã menyo tututu be woanɔ le vuvɔŋɔli me o ta la, tɔdziʋua me nɔla geɖewo lɔ̃ ɖe edzi be yewoadze agbagba ayi ŋgɔ, aɖo Foenike be yewoatsi afi ma le vuvɔŋɔli la. Foenike si nye Kreta ƒe ʋudzeƒe la trɔ mo de dzigbemeɣetoɖoƒe kple anyigbemeɣetoɖoƒe.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye esi ʋudzeƒe la menyo bena, woanɔ le vuvɔŋɔli ta o la, wo dome ame geɖeawo ɖo aɖaŋu bena, woaho tso afima hã, bena ɖewohĩ yewoate ŋu ade Foinike, si nye Kreta ƒe ʋudzeƒe, si le dzieheɣetoɖoƒe kple anyieheɣetoɖoƒe, be yewoanɔ afima le vuvɔŋɔlia me.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 27:12
8 Mawu Ofanana  

Wokpɔ dzidzɔ esi wòdze kɔ anyi, eye wòkplɔ wo va se ɖe esime wova ɖo afi si wodi be yewoanɔ.


Ɛ̃, ame aɖewo tso Roma gɔ̃. Ame siawo nye Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o, gake wotrɔ dzime xɔ Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ eye bubuwo hã nye Kretatɔwo kple Arabiatɔwo. Mía dometɔ ɖe sia ɖe se ame siawo le Mawu ƒe nukunu gãwo ƒe nya gblɔm le eya ŋutɔ degbe me!”


Le ɣe ma ɣi me tututu la, ya aɖe nɔ ƒoƒom tso anyigbeme gome, eye wòdze abe enyo be míadze mɔ ene eya ta wodo abalawo, eye míedze mɔ henɔ go ŋu tom to Kreta ŋkume kekeake.


Anɔ abe ŋkeke nanewo nye esi ene, ame aɖeke meɖu naneke o, ke mlɔeba la, Paulo yɔ ʋua me nɔlawo ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be, “Ɖe miese nye gbe, eye míetsi Kreta la, anye ne dzɔgbevɔ̃e sia mava mia dzi o.


Míenɔ tsia dzi, eye míekpe fu ŋkeke geɖewo hafi va ɖo Knido gbɔ lɔƒo. Ya nɔ ƒoƒom sesĩe ale gbegbe be ɖeko míegbɔ eme to Salmone ʋudzeƒe la ŋu heyi Kreta.


Míenɔ ahom gã sia me wònɔ fu ɖem na mí alea heto fugo la ŋu ɖɔɖɔɖɔ va ɖo teƒe aɖe si woyɔna be “Ʋudzeƒe Nyui” la. Teƒe sia te ɖe Lasea dua ŋu.


Woawo ŋutɔ ƒe nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Kretatɔwo nye alakpadalawo ɖaa, wonye lã vɔ̃ɖiwo kple nutsuɖula kuviatɔwo”


Nu si ta megblẽ wò ɖe Kreta lae nye be nàɖɔ nu siwo susɔ la ɖo, eye nàɖo hamemegãwo le du ɖe sia ɖe me abe ale si meɖoe na wò ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa