Dɔwɔwɔwo 26:3 - Agbenya La3 elabena ènya nu tso Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnuwo ŋu tsitotsito. Azɔ meɖe kuku na wò be nàgbɔ dzi ɖi aɖo tom. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19133 vevietɔ elabena ènya kɔnuwɔwɔwo kple anukutsyɔtsyɔ, siwo katã le Yudatɔwo dome; eyata meɖe kuku na wò be, naɖo tom le dzigbɔɖeanyi me. Onani mutuwo |
Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Paulo yɔ Yudatɔ siwo le Roma dua me la ƒo ƒu, eye wòƒo nu na wo gblɔ be, “Nɔvinyewo, edzɔ dzi nam be meva ɖo mia gbɔ afi sia. Medi be mianya be togbɔ be nyemewɔ naneke o, eye nyemeda le kɔnyinyi aɖeke dzi o hã la, Yudatɔ siwo le Yerusalem la lém, eye wotsɔm de asi na Roma dziɖuɖua ƒe ame dɔdɔ siwo le Yerusalem, be woadrɔ̃ ʋɔnum.