Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 26:23 - Agbenya La

23 Nyagblɔɖilawo kple Mose gblɔ be, ‘Woawɔ funyafunya Kristo la, eyae anye ame gbãtɔ si afɔ tso ame kukuwo dome, eye wòahe Kekeli vɛ na Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o.’ ”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 bena Kristo lakpe fu, eye bena wòanye gbãtɔ le lãme kukuwo ƒe tsitretsitsi la me, eye wòaɖe gbe ƒã kekeli afia dukɔ la kple trɔ̃subɔlawo siaa.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 26:23
29 Mawu Ofanana  

Tso azɔ dzi la, made fuléle wò kple nyɔnu la dome, eye fuléle ma ke anɔ wò dzidzime kple nyɔnu la tɔ dome. Eya la agbã ta na wò, eye wò la àɖu afɔkpodzi nɛ.”


“Nye, Yehowa, meyɔ wò le dzɔdzɔenyenye me. Malé wò alɔnu. Makpɔ tawò, ana nànye nubabla na amewo kple kekeli na dukɔwo,


“Nu tsɛ ko wònye le ŋkuwò me be, nènye nye dɔla, be nàgaɖo Israel ƒe towo te, eye nàkplɔ Israel ƒe ame siwo mesusɔ ɖi la gbɔe. Gawu la, mawɔ wò nànye kekeli na ame siwo menye Yudatɔwo o la, be nàhe nye ɖeɖe vɛ na anyigba ƒe mlɔenuwo ke.”


“Makɔ amenuveve kple gbedodoɖa ƒe gbɔgbɔ ɖe David ƒe aƒe la kple Yerusalem nɔlawo dzi. Woakpɔ nye, ame si wotɔ nui la dzi, woafa nɛ abe ale si wofana na vi ɖeka hɔ̃ɔ si ku la ene, eye woafa nɛ vevie abe ŋgɔgbevi si ku la ene.


“O yi, nyɔ, nàtso ɖe nye alẽkplɔla la ŋu, ɖe ame si tsɔ ɖe gbɔnye kpokploe la ŋu!” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Xlã nu ɖe alẽkplɔla la, alẽawo aka ahlẽ, eye matrɔ nye asi ɖe suetɔwo ŋu


Ele na nye Amegbetɔ Vi la be maku abe ale si nyagblɔɖilawo gblɔe da ɖi xoxo ene, gake baba na ame si adem asi la. Le nyateƒe me la, nenye be womegaxa dzii o la, anyo nɛ wu sãa.”


Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe la, wodo le woƒe yɔdoawo me, eye woyi ɖe du kɔkɔe la me, afi si woɖe wo ɖokuiwo fia ame geɖewo le.


Eyae nye kekeli kple nyaɖeɖefia na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye wòanye ŋutikɔkɔe na Israel wò dukɔ hã!”


Alo mele na Kristo be wòakpe fu siawo katã hafi age ɖe eƒe ŋutikɔkɔe la me o mahã?”


Yesu yi edzi be, “Vavã, woŋlɔe ɖi tso gbe aɖe gbe ke be ele na Kristo la be wòakpe fu, eye wòaku, eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wòagatsi tsitre tso ame kukuwo dome.


Nye ŋutɔe lɔ̃ tsɔ nye agbe ɖo anyi. Ŋusẽ le asinye be matsɔ nye agbe aɖo anyi be magaxɔe. Sedede siae mexɔ tso Fofonye gbɔ.”


Yesu gblɔ nɛ be, “Nyee nye Tsitretsitsi la kple Agbe la. Ame si xɔa dzinye sena la, togbɔ be aku hã la, aganɔ agbe;


Esi Mawu fɔe ɖe tsitsre, eye wòɖo kpe edzi be eƒe ŋutilã maganyunyɔ akpɔ o ta la, egblɔ le eŋuti be, “ ‘Matsɔ yayra kɔkɔe kple vavãtɔ si ŋugbe wodo na David la na wò.’


be woƒe ŋkuwo naʋu, eye woatrɔ le viviti la gbɔ ava kekeli la me. Woatso Satana ƒe ŋusẽ me ava Mawu gbɔ, be woakpɔ nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke kple domenyinu si li na ame siwo katã ŋuti kɔ, eye wodza le xɔse me.’


Ne Mawu fɔ ame kukuwo ɖe tsitre la, aleke wɔ miebu be enye nu si womate ŋu axɔ ase oa?


Ke to wɔna siawo me la, Mawu na be nu siwo nyagblɔɖilawo gblɔ da ɖi be ele be Kristo la nakpe fu nenema la va eme.


“Vavã nyagblɔɖilawo katã, tso Samuel ŋɔli va ɖo fifia hã ƒo nu tso nu siwo le dzɔdzɔm egbegbe la ŋu.


Elabena metsɔ nu si mexɔ la de asi na mi, abe nu gbãtɔ si le vevie ene be Kristo ku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be wòaku ene.


Satana, ame si le dzi ɖum le xexe vɔ̃ɖi sia me fifia lae gbã dzimaxɔsetɔwo ƒe ŋkuwo eye wòtsyɔ nu woƒe susuwo dzi. Ewɔ esia be womakpɔ kekeli si tso nyanyui la me le keklẽm ɖe wo dzi la eye woase nu si gblɔm míele tso Kristo si nye Mawu ƒe nɔnɔme la ƒe ŋutikɔkɔe ŋu la gɔme o.


Eye eyae nye ta na hame, si nye eƒe ŋutilã, eyae nye gɔmedzedzea kple ame siwo fɔ tso yɔ me ƒe ŋgɔgbetɔ, ale be le nu sia nu me la, wòanye gbãtɔ.


Ɖeko wòle eteƒe be Mawu, ame si wɔ nuwo katã, eye wòlé nuwo katã ɖe te la nawɔ Yesu blibo to fukpekpe me be wòakplɔ viŋutsu geɖewo vɛ woakpɔ gome le eƒe ŋutikɔkɔe me, elabena Yesue kplɔ wo yi ɖeɖe la gbɔe.


kple Yesu Kristo, ame si nye ɖaseɖila anukwaretɔ, ame gbãtɔ si fɔ tso ku me, eye wònye anyigbadzifiawo dzi ɖula la gbɔ na mi. Eya ame si lɔ̃ mí, eye wòɖe mí tso míaƒe nu vɔ̃wo me to eƒe ʋu me,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa