Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 24:12 - Agbenya La

12 Ame siwo le nunye tsom la mekpɔm menɔ nya hem kple ame aɖeke le gbedoxɔ la me alo de zitɔtɔ ameha aɖewo dome le ƒuƒoƒe aɖeke alo le dua ƒe akpa aɖeke o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 eye womekpɔm hã mele dze ɖom kple amea ɖe le gbedoxɔ me alo mede zi ameawo me le ƒuƒoƒeawo alo dua me hã kpɔ o.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 24:12
6 Mawu Ofanana  

Esi wova ɖo toa te la, wokpɔ be ameha gã aɖe ƒo xlã nusrɔ̃la mamlɛawo, eye Yudatɔwo ƒe agbalẽfialawo nɔ nya hem kpli wo.


Nu ka ta miele gbe biamem ɖo? Mibia gbe ame siwo se nye nyawo. Wose nya siwo megblɔ la.”


Nye futɔ siawo va ke ɖe ŋunye le gbedoxɔ la me, mele ŋutinye kɔm. Ameha aɖeke alo ʋunyaʋunya aɖeke menɔ afi ma kura o.


“Ame si wokplɔ va gbɔwòe la, ame vɔ̃ɖi aɖe ŋutɔ wònye. Eƒe dɔ koe nye be wòanɔ ʋunyaʋunya dem Yudatɔwo dome le xexea me katã godoo be woatsi tsitre ɖe Roma dziɖuɖu la ŋu, anɔ woƒe sewo kple kɔnuwo dzi dam. Eya kee nye habɔbɔ si woyɔna be, Nazaretitɔwo la ƒe amegã.


Ke Paulo ɖo eŋu na wo be, “Nyemedze agɔ le ame aɖeke dzi o. Nyemeda Yudatɔwo ƒe se aɖeke dzi o, eye nyemedo vlo gbedoxɔ la hã o. Gawu la, nyemetsi tsitre ɖe Roma dziɖuɖu alo Kaisaro ŋu o.”


Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Paulo yɔ Yudatɔ siwo le Roma dua me la ƒo ƒu, eye wòƒo nu na wo gblɔ be, “Nɔvinyewo, edzɔ dzi nam be meva ɖo mia gbɔ afi sia. Medi be mianya be togbɔ be nyemewɔ naneke o, eye nyemeda le kɔnyinyi aɖeke dzi o hã la, Yudatɔ siwo le Yerusalem la lém, eye wotsɔm de asi na Roma dziɖuɖua ƒe ame dɔdɔ siwo le Yerusalem, be woadrɔ̃ ʋɔnum.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa