Dɔwɔwɔwo 23:7 - Agbenya La7 Esi wògblɔ esia ko la, ʋiʋli ge ɖe Farisitɔwo kple Zadukitɔwo dome, eye takpekpe la ma ɖe akpa eve. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19137 Eye esi wògblɔ esia la, nyaʋiʋli ɖo farisitɔwo kple zadukitɔwo dome, eye ameha la dome ma. Onani mutuwo |
Azɔ, esi Paulo kpɔe dze sii be takpekpea me valawo ƒe akpa aɖewo nye Zadukitɔwo, eye ɖewo hã nye Farisitɔwo ŋuti la, edo ɣli gblɔ be, “Nɔvinyewo, Farisitɔ menye abe tɔgbuinyewo ke ene, eye nu si ta wohem va ʋɔnue egbe lae nye be nye hã meka ɖe edzi abe miawo ke ene be ame siwo ku la agafɔ tso ku me.”