Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 22:6 - Agbenya La

6 “Ke esime wòsusɔ vie maɖo Damasko dua me, le ŋdɔ ga wuieve me lɔƒo la, keklẽ gã aɖe tso dziƒo klẽ ƒo xlãm.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye wòva me bena, esi mele mɔ dzi, eye mete tu Damasko, anɔ ɣeɖota la, kasia kekeli, si nu sẽ la, tso dziƒo klẽ ƒo xlãm.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 22:6
11 Mawu Ofanana  

Wodze aʋakɔ la dzi le zã ma me, eye wonya wo va se ɖe Hoba le Damasko ƒe anyiehe lɔƒo.


Ke Abram gblɔ be, “O, Aƒetɔ Yehowa, nu ka nàte ŋu anam esi vi mele asinye o, eye ame si anyi nye domee nye Eliezer tso Damasko?”


David da asrafo aɖewo ɖe Damasko si nye Aramtɔwo ƒe fiadu la me. Ale Aramtɔwo zu David tenɔlawo eye wodzɔa adzɔga nɛ ƒe sia ƒe. Ale Yehowa na David ɖua dzi le afi sia afi si wòayi.


Ŋu akpe ɣe, eye ɣleti ƒe mo awɔ yaa, elabena Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, aɖu fia le ŋutikɔkɔe me le Zion to la dzi kple Yerusalem le eƒe dumegãwo ŋkume.


Le toa dzi la, Yesu ƒe dzedzeme trɔ enumake. Eƒe mo de asi keklẽ me abe ɣe ene, eye eƒe awu fu tititi abe kekeli ene.


Ale medze anyi. Enumake mese ame aɖe ƒe gbe be, ‘Saulo, Saulo, nu ka ta nèle yonyeme tim ale mahã?’


Nu sia he tɔtɔ gã aɖe vɛ, eye Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala aɖewo siwo nye Farisitɔwo tsi tsitre hedo ɣli be yewomekpɔ be naneke gblẽ le Paulo ŋu o, ke boŋ ɖewohĩ mawudɔla alo gbɔgbɔ aɖee ƒo nu nɛ le Damasko mɔ dzi.


Nyee nye ame mamlɛtɔ si kpɔe; nye ame si le abe vidzĩ si ƒe ŋkeke mede hafi wodzi o ene ɖe ame bubuawo katã yome abe ɖe wotsi megbe akpa hafi dzim na ekpɔkpɔ ene.


Elé ɣletivi adre ɖe nuɖusi, eye yi ɖaɖɛ nuevee do go tso eƒe nu me. Eƒe mo nɔ keklẽm abe ɣe ƒe keklẽ ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa