Dɔwɔwɔwo 21:11 - Agbenya La11 Agabu tsɔ Paulo ƒe alidziblaka, eye wòbla eya ŋutɔ ƒe asiwo kple afɔwo hegblɔ be, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la be, ‘Alea tututu Yudatɔwo awɔ ame si tɔe nye alidziblanu sia la le Yerusalem, eye woatsɔe ade asi na ame siwo menye Yudatɔwo o.’ ” Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191311 Eye esi wòva mía gbɔ la, etsɔ Paulo ƒe alidziblanu hebla ye ŋutɔ ƒe afɔwo kple asiwo gblɔ bena: Ale Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔ esi: Ale Yudatɔwo abla ŋutsu, alidziblanu sia tɔ, le Yerusalem enye si, eye woatsɔe ade asi na trɔ̃subɔlawo. Onani mutuwo |
Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Paulo yɔ Yudatɔ siwo le Roma dua me la ƒo ƒu, eye wòƒo nu na wo gblɔ be, “Nɔvinyewo, edzɔ dzi nam be meva ɖo mia gbɔ afi sia. Medi be mianya be togbɔ be nyemewɔ naneke o, eye nyemeda le kɔnyinyi aɖeke dzi o hã la, Yudatɔ siwo le Yerusalem la lém, eye wotsɔm de asi na Roma dziɖuɖua ƒe ame dɔdɔ siwo le Yerusalem, be woadrɔ̃ ʋɔnum.