Esi wova ɖo Yerusalem la, woyi ɖanɔ xɔ si me wonɔna le dziƒoxɔ dzi la me. Apostolo siwo nɔ afi ma la woe nye: Petro, Yohanes, Yakobo, Andrea; Filipo kple Toma; Bartolomeo kple Mateo; Yakobo si nye Alfeo ƒe vi, Simɔn si wogayɔna be Zelote, Yuda si nye Yakobo ƒe vi.
Esi Paulo nɔ nu ƒom alea la, ɖekakpui aɖe si woyɔna be Eutiko la nɔ akɔlɔ̃e dɔm le fesre ɖeka nu. Kasia, Eutiko ge tso fesrea nu le dziƒoxɔ etɔ̃lia dzi ke va dze anyigba kpla, eye wòku enumake.