Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 20:6 - Agbenya La

6 Esime míeɖu Amɔ Maʋamaʋã Ŋkeke la vɔ ko la, míeɖo tɔdziʋu le Filipi, eye le ŋkeke atɔ̃ megbe la, míeva ɖo Troa si hã le Terki. Míenɔ afi ma kɔsiɖa ɖeka.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye esi miawo mieɖo ʋu tso Filipi le amɔwɔ maʋãmaʋã ƒe ŋkekeawo megbe la, mieva ɖo wo gbɔ le Troa le ŋkeke etɔ̃agbe, eye mienɔ afima ŋkeke adre.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 20:6
18 Mawu Ofanana  

“Gbãtɔe nye Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui. Migaɖu abolo si wowɔ kple amɔ ʋaʋã o ŋkeke adre abe ale si mede se na mi kpɔ ene. Ŋkekenyui sia ɖuɖu anɔ edzi ƒe sia ƒe le Tedoxe si nye ɣleti si me miedzo le Egipte. “Ame sia ame asa vɔ nam le ɣeyiɣi sia me.


“Ɖo ŋku edzi miaɖu Abolo Maʋamaʋã Ŋkekenyui ŋkeke adre abe ale si megblɔe na wò ene le ŋkeke ɖoɖoawo dzi, le Tedoxe me ƒe sia ƒe. Ɣleti sia mee miedzo le Egipte.


Herodes kpɔ be nuwɔna sia do dzidzɔ na Yudatɔwo ƒe dumegãwo ŋutɔ, eya ta ena wolé Petro hã le esime wonɔ Ŋutitotoŋkeke la ɖum.


Enumake míeɖoe be míayi Makedonia, elabena edze na mí kɔtɛe be Mawu le mía ɖom ɖe afi ma be míaɖagblɔ nyanyui la.


Mlɔeba la, míeva ɖo Filipi si nye Romatɔwo ƒe du aɖe si le Makedonianyigba ƒe liƒo dzi tututu. Míenɔ afi ma ŋkeke geɖewo.


ke boŋ woto Misia nuto me heyi Troa.


Paulo megadi be yeatɔ ɖe Efeso azɔ o, be yemagblẽ ɣeyiɣi le Asia o. Ke edi be ne yeate ŋui la, yeaɖo Yerusalem kaba, aɖu Pentekoste ŋkeke la le afi ma.


Ame siawo katã do ŋgɔ na mí, eye wonɔ mía lalam le Troa.


Míawo hã míeɖi tsa yi dua me, eye míedi xɔsetɔ siwo le afi ma la henɔ wo gbɔ kɔsiɖa ɖeka. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒo nu to hame sia dzi, ale wogbe na Paulo be megayi Yerusalem o.


Tso afi ma míeyi Kaesarea, eye míedze nyanyuigblɔla Filipo si nye hadzikpɔla gbãtɔ adreawo dometɔ ɖeka la gbɔ.


Xɔsetɔ siawo di tso mía si vevie be míanɔ yewo gbɔ vie, ale míelɔ̃, nɔ wo gbɔ ŋkeke adre. Tso Puteoli la, míeɖo ta Roma.


Nye, Paulo, kple Timoteo, Yesu Kristo ƒe dɔlawo gbɔe agbalẽ sia tso, Na dzikpɔlawo kple kpeɖeŋutɔwo kpakple Mawu ƒe ame kɔkɔe siwo katã le Filipi.


Mienya ale si wowɔ funyafunya mí kple ale si míekpe fu le Filipi hafi va ɖo mia gbɔ la hã. Ke Mawu na dzideƒo tɔxɛ mí, be míagblɔ nyanyui ma ke na mi, togbɔ be futɔwo ƒo xlã mí gɔ̃ hã.


Ne ègbɔna la, tsɔ awu ʋlaya si megblẽ ɖe Karpo gbɔ le Troa la vɛ nam. Nenema kee nye agbalẽawo hã, vevietɔ lãgbalẽtɔwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa