Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 20:4 - Agbenya La

4 Ame geɖewo kplɔ Paulo ɖo ɖa va se ɖe keke Terki. Wo dometɔ aɖewoe nye Sopata si nye Piro ƒe vi tso Berea, Aristako kple Sekundo siwo tso Tesalonika, Gayo tso Derbe, Timoteo, Tikiko kple Trofimo, ame siwo tso Asia nuto me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye amesiwo ɖoe ɖa vaseɖe Asia la, woawo nye: Sopatre, Piro, Beroiatɔ la ƒe vi, Aristarxo kple Sekundo tso Tesalonika; Gayo, Derbetɔ, kple Timoteo; Tixiko kple Trofimo tso Asia.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 20:4
29 Mawu Ofanana  

Xɔsetɔwo kple nɔvinɔviwo va ƒo ƒu ɖe eŋu kasia, Paulo fɔ, wo katã wotrɔ yi Listra dua me, eye le ŋkeke evea gbe la, wo kple Barnabas wodzo yi Derbe.


Esi Apostoloawo se nya sia la, wosi dzo le dua me heyi Likaonia ƒe duwo, Listra kple Derbe nutowo me,


Teƒe gbãtɔ si Paulo kple Sila de lae nye Derbe. Emegbe la, woyi Listra. Le afi sia la, wodo go nusrɔ̃la aɖe si ŋkɔe nye Timoteo, ame si dada nye Yudatɔ kple xɔsetɔ, ke fofoa nye Grikitɔ.


Tso afi ma la, woyi Frigia kple Galatia nuto me, elabena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la meɖe mɔ na wo be woayi Asianyigba dzi le ɣeyiɣi sia me o.


Azɔ ame eveawo zɔ mɔ to Amfipolis kple Apolonia nutowo me va ɖo Tesalonika, afi si Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe aɖe le.


Esi Yudatɔ siwo tso Tesalonika la gase be Paulo nɔ mawunya gblɔm le Berea la, wogati wo yome yi afi ma hã, eye wògade zi ameawo me ɖe wo ŋu.


Ɣlidodo sia na be amewo ƒo zi be yewoakpɔ nu si le edzi yim la ɖa, eye le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, du blibo la katã tɔ zi. Ame sia ame ƒu du yi ƒuƒoƒe la, eye wolé Gayo kple Aristako, ame siwo nye Paulo ƒe mɔzɔhatiwo tso Makedonia.


Mía dometɔ aɖewo nye Patiatɔwo, ɖewo nye Midiatɔwo kple Elamtɔwo, bubuwo hã tso Mesopotamia, Yudea, Kapadokia, Ponto kple Asia nutowo me.


Paulo megadi be yeatɔ ɖe Efeso azɔ o, be yemagblẽ ɣeyiɣi le Asia o. Ke edi be ne yeate ŋui la, yeaɖo Yerusalem kaba, aɖu Pentekoste ŋkeke la le afi ma.


Esi wova ɖo la, egblɔ na wo be, “Mienya ale si menɔ mia dome tso ŋkeke gbãtɔ si meva Asia nuto me va se ɖe fifia.


(Wogblɔ esia, elabena wokpɔ Paulo wònɔ zɔzɔm kple Trofimo si tso Efeso le Terki la, le ablɔ dzi, eya ta wosusu be Paulo kplɔe yi gbedoxɔ la mee.)


Míeɖo ʋu aɖe si tso Adramitio, eye wòyina tɔtɔ ge ɖe ʋudzeƒe geɖewo le Asia la hedze mɔ. Makedoniatɔ, Aristako si tso Tesalonika la hã nɔ ʋu la me kpli mí.


Timoteo, nye hadɔwɔla kple Lukio, Yason kple Sosipatro, ame siwo nye ƒonyemetɔwo la do gbe na mi.


Gayo be mado gbe na mi. Eya ƒe amedzroe menye, eye hamea kpea ta le afii le eƒe aƒe me. Erasto, ame si nye dugadzikpɔla kple Kuarto, nɔvi kristotɔ aɖe hã do gbe na mi. [


Nye, Paulo, ame si Mawu ŋutɔ tia be manye Yesu Kristo ƒe dɔla kple nɔvinye, xɔsetɔ Timoteo gbɔe agbalẽ sia tso, Na Mawu ƒe hame si le Korinto kple ame kɔkɔe siwo katã le Akaya:


Elabena Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo, ame si ŋu nye Paulo, Silvano kple Timoteo míeɖe gbeƒã le na mi la, menye ame si ne nya la nye “ɛ̃” la, wògblɔ be, “ao” o. Aƒetɔ Yesu Kristo wɔna ɖe nu sia nu si wògblɔ la ko dzi.


Tikiko, ame si nye nɔvi lɔlɔ̃a kple dɔla nuteƒewɔla le Aƒetɔ la me la agblɔ nya sia nya na mi, be miawo hã mianya nu tso ŋunye kple nu si wɔm mele.


Mele mɔ kpɔm be ne Aƒetɔ Yesu lɔ̃ la, maɖo Timoteo ɖa be wòava kpɔ mi ɖa kpuie. Ekema ne etrɔ gbɔ la, nu siwo wòava gblɔ nam tso nu siwo katã wɔm miele kple ale si miele dɔa dzii ŋu la, ana dzi nagaɖo ƒonye.


Aristako, ame si le ga me kplim la do gbe na mi kple lɔlɔ̃; nenema kee nye Marko, Barnabas nɔvi. (Abe ale si megblɔ na mi kpɔ ene la, ne Marko va mia gbɔ la, mixɔe dzidzɔtɔe.)


Tikiko, mía nɔvi lɔlɔ̃ la agblɔ ale si mele edzii la na mi. Enye nuteƒewɔla si subɔa Aƒetɔ la kplim.


Nye, Paulo, ame si nye Kristo Yesu ƒe apostolo to Mawu, mía Ɖela ƒe gbeɖeɖe kple Kristo Yesu, míaƒe mɔkpɔkpɔ dzi la gbɔe agbalẽ sia tso,


Na Timoteo, vinye lɔlɔ̃a. Mawu, Fofo la kple Yesu Kristo, míaƒe Aƒetɔ nana eƒe amenuveve, nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa wò.


Medɔ Tikiko hã ɖe Efeso.


Erasto le Korinto, eye megblẽ Trofimo, ame si dze dɔ la ɖe Mileto.


Mele eɖom be maɖo Artema alo Tikiko ɖe wò. Ne wo dometɔ ɖeka va ɖo la, dze agbagba nàdo gom le Nikopoli kaba abe ale si nàte ŋui ene, elabena meɖo be manɔ afi ma le vuvɔŋɔli la me.


Marko, Aristako, Dema kple Luka, nye hadɔwɔlawo hã do gbe na mi.


Nye, hamemegã tsitsitɔ gbɔe agbalẽ sia tso, Na xɔ̃nye lɔlɔ̃tɔ Gayo, ame si melɔ̃na le nyateƒe me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa