8 Ke aleke wɔ míese wole ame sia ame degbe gblɔm mahã?
8 Aleke wo, eye mía dome amesiame le ye ŋutɔ degbe, si me wodzi mi ɖo la, sem mahã?
ale be amewo katã nanya wò nuwɔwɔ dzɔatsuwo kple wò fiaɖuƒe ƒe ŋutikɔkɔe ƒe atsyɔ̃.
Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fofoa Zekaria me, eye wògblɔ nya siawo ɖi be,
Nu sia wɔ nuku na amedzroawo ale gbegbe be wogblɔ be, “Ame siawo katã ɖe, menye Galileatɔwo wonye oa?
Mía dometɔ aɖewo nye Patiatɔwo, ɖewo nye Midiatɔwo kple Elamtɔwo, bubuwo hã tso Mesopotamia, Yudea, Kapadokia, Ponto kple Asia nutowo me.
Nu siawoe nye ɖoƒe siwo Mawu ɖo ɖe eƒe hame si nye eƒe ŋutilã me la dometɔ aɖewo. Gbãtɔ, apostolowo; evelia, nyagblɔɖilawo; etɔ̃lia, nufialawo; emegbe nukunuwɔlawo, dɔyɔlawo, kpekpeɖeŋunalawo, dɔdzikpɔlawo, ame siwo ƒoa nu kple gbegbɔgblɔ bubu ƒomeviwo.