Dɔwɔwɔwo 2:5 - Agbenya La5 Le ɣe ma ɣi hã la, Yudatɔ mawuvɔ̃la geɖewo tso dukɔ vovovo siwo le dziƒo te la va Yerusalem be yewoaɖu ŋkeke tɔxɛ sia. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19135 Eye Yudatɔa ɖewo nɔ Yerusalem, ŋutsu, siwo vɔ̃a Mawu la, wotso dukɔ, siwo katã le dziƒo te la me. Onani mutuwo |
Nu ɖeka si ku ɖe nu sia ŋuti la koe nye be miaxɔ nyateƒe la dzi ase blibo, abe ame siwo gɔme woɖo anyi eye wole tsitre sesĩe ene, eye miagana woate mi ɖa tso nyanyui la ƒe mɔkpɔkpɔ si miese la gbɔ o. Esia nye nukunya kple nya si va na mi katã, eye wòle kakam ɖe xexe blibo la katã me fifia. Eye enye dzidzɔ na nye, Paulo, be masubɔ agblɔ nya sia na ame bubuwo.