Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 2:43 - Agbenya La

43 Wo dometɔ ɖe sia ɖe nɔ anyi le vɔvɔ̃ tɔxɛ me, eye apostoloawo hã wɔ nukunu kple dzesi geɖewo wokpɔ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

43 Eye vɔvɔ̃ gã va amewo katã dzi, eye apostolowo wɔ nukunuwo kple dzesi geɖewo le Yerusalem.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 2:43
15 Mawu Ofanana  

Esi fia la ƒe sedede la va ɖo du sia du kple nuto ɖe sia ɖe me la, Yudatɔwo katã kpɔ dzidzɔ, woɖu ŋkekenyui, eye womewɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o. Ame geɖewo wɔ wo ɖokuiwo Yudatɔwoe, elabena Yudatɔwo ƒe ŋɔdzi lé wo.


Ekema du sia atsɔ ŋkɔ gã, dzidzɔ, kafukafu kple bubu vɛ nam le anyigbadzidukɔ siwo katã se nu nyui siwo mewɔ na wo la dome; ŋɔdzi alé wo eye woadzo nyanyanya le nunyoname gbogbo kple ŋutifafa si mena wo la ta.’


Emegbe la, woatrɔ adi Yehowa, woƒe Mawu la, eye woayi woƒe Fia gbɔ. Woatsɔ dzodzo nyanyanya ava Yehowa kple eƒe dɔmenyonyo gbɔ le ŋkeke mamlɛawo me.


Dzesi siawo akplɔ ame siwo axɔe se la ɖo: le nye ŋkɔ me woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe. Woaƒo nu kple aɖe yeyewo.


Vɔvɔ̃ gã aɖe ɖo ameawo, eye wodo ɣli kafu Mawu gblɔ be, “Nyagblɔɖila gã aɖe le mía dome vavã. Míekpɔ Mawu ŋutɔ ƒe asi wòwɔ dɔ le egbeŋkeke sia dzi.”


Ale Gadaratɔwo ƒe nutometɔwo katã ɖe kuku na Yesu be wòadzo le yewo gbɔ kpoo, elabena vɔvɔ̃ lé wo. Ke Yesu ge ɖe ʋua me hedzo le afi ma.


Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ame si xɔ dzinye se la awɔ dɔ siwo katã mele wɔwɔm la, eye awɔ dɔ gãwo wu esiwo mewɔ, elabena meyina ɖe Fofo la gbɔ.


Petro yi edzi gblɔ be, “Nɔvi Israeltɔwo, miɖo to miase! Mawu wɔ nukunuwo, dzesiwo kple nu dzɔtsuwo le mia dome to Yesu Nazaretitɔ la dzi be yeatsɔ aɖo kpe edzii be Yesu nye ye Vi vavã. Nu siawo katã le nyanya me na mi pɛpɛpɛ.


Apostolowo kpɔ ŋusẽ gblɔ mawunya detowo, heɖe gbeƒã Aƒetɔ Yesu ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome, eye amenuveve gã le wo katã dzi.


Esi Anania se nya sia teti ko la, emu dze anyi enumake heku. Vɔvɔ̃ gã aɖe ɖo ame siwo katã se nu si va dzɔ la.


Petro yɔe gblɔ nɛ be, “Aeneas, Yesu Kristo da gbe le ŋuwò, eya ta tsi tsitre, eye nàŋlɔ wò aba.” Ŋutsu la ƒe lãme sẽ enumake.


Esi Petro ge ɖe xɔa me la, ebia tso wo katã si be woado go ana mɔ ye. Esi wodo go la, Petro dze klo do gbe ɖa, eye wòtrɔ ɖe ame kukua gbɔ gblɔ nɛ be, “Tabita, tsi tsitre!” Enumake ame kuku la ʋu ŋku, eye esi wòkpɔ Petro la, efɔ nɔ abati la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa