Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 2:25 - Agbenya La

25 Fia David ƒo nu tso Yesu ŋu be, “ ‘Mekpɔ Aƒetɔ la le gbɔnye ɖaa, elabena ele nye nuɖusime, eya ta nyemavɔ̃ o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Elabena Dawid gblɔ le eŋuti bena: „Mekpɔa Aƒetɔ la le ŋkunye me ɖaa, elabena ele nye nuɖusi me, be ke maɖe le tenye o.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 2:25
15 Mawu Ofanana  

elabena etsi tsitre ɖe hiãtɔ la ƒe nuɖusime, be yeaɖe eƒe agbe tso ame siwo bu fɔ̃e la ƒe asi me.


Aƒetɔ la le wò nuɖusime, agbã fiawo nyanyanya le eƒe dɔmedzoeŋkeke la dzi.


Elabena fia la ɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, eye le Dziƒoʋĩtɔ la ƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o ta la, mavɔ̃ akpɔ gbeɖe o.


Esi mekpɔ be meli ke la, megblɔ be, “Nye la, nyemaʋuʋu kpɔ gbeɖe o.”


Eya koe nye nye agakpe, nye xɔxɔ kple nye mɔ sesẽ, eya ta nyemaʋã akpɔ gbeɖe o.


Eya hɔ̃ɔ koe nye nye agakpe, nye xɔxɔ kple nye mɔ sesẽ, eya ta nyemaʋuʋu o.


Ke mele gbɔwò ɣe sia ɣi, eye nèlé nye ɖusibɔ ɖe asi.


elabena nyee. Nye Yehowa, wò Mawu, ame si lé wò nuɖusibɔ ɖe asi hele gbɔgblɔm na wò be ‘Mègavɔ̃ o, makpe ɖe ŋuwò.’


Wo kple evea wonye ame dzɔdzɔewo le Mawu ŋkume, eye wolé Aƒetɔ la ƒe sededewo kple ɖoɖowo me ɖe asi kpɔtsɔtsɔmanɔŋutɔe.


Gaƒoƒo aɖe li gbɔna, eye eva ɖo gɔ̃ hã xoxo, esime woade zi mia dome, eye miaka ahlẽ, ame sia ame aɖo ta eya ŋutɔ ƒe aƒe me. Miagblẽm ɖi. Gake nyematsi akogo o, elabena Fofo la li kplim.


Esia ta nye dzi le dzidzɔ kpɔm, eye nye aɖe le aseye tsom be nye ŋutilã anɔ agbe le mɔkpɔkpɔ me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa