Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 2:12 - Agbenya La

12 Ameha la ƒe nu ku eye woƒe mo wɔ yaa le nyadzɔdzɔ sia ta, eye wobia wo nɔewo be, “Nu sia gɔme ɖe?”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye kuvia ɖo wo katã, eye wotsi dzodzodzoe hele gbɔgblɔm na wo nɔewo bena: Esia gɔme ɖe?

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 2:12
8 Mawu Ofanana  

Esi Yesu wu nya siawo gbɔgblɔ nu la, ameha la ƒe nu ku le eƒe nufiafia la ta,


elabena Herod tsɔ bubu geɖe na Yohanes le eƒe ame ɖɔʋu kple ame kɔkɔenyenye ta, eya ta etsɔe de eya ŋutɔ ƒe dzikpɔkpɔ te. Nenye be Herod kple Yohanes wole dze ɖom la, nya siwo Yohanes gblɔna la ɖea fu na Herod ƒe susu ŋutɔ, gake zi geɖe la, edina kokoko be yeaɖo dze kplii.


ale wòyɔ subɔvi ɖeka hebiae be nu kae le edzi yim le aƒea me?


Esi wòse ameha ŋkɔ wòva yina la, ebia be wòagblɔ nu si nɔ dzɔdzɔm la na ye.


Ŋutega sia wɔ moya na Petro ŋutɔ. Mese egɔme o, eye kpɔ ɖa, ŋutsu siwo Kornelio dɔ ɖo ɖa la le Simɔn ƒe aƒe la ta biam hele tsitre le agbo la nu.


Èle nya masekpɔ aɖewo gblɔm ɖe míaƒe towo me, míedi be míase nya siawo gɔme kple nu si wonye.”


Ɛ̃, ame aɖewo tso Roma gɔ̃. Ame siawo nye Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o, gake wotrɔ dzime xɔ Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ eye bubuwo hã nye Kretatɔwo kple Arabiatɔwo. Mía dometɔ ɖe sia ɖe se ame siawo le Mawu ƒe nukunu gãwo ƒe nya gblɔm le eya ŋutɔ degbe me!”


Nu sia wɔ nuku na amedzroawo ale gbegbe be wogblɔ be, “Ame siawo katã ɖe, menye Galileatɔwo wonye oa?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa