Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 2:11 - Agbenya La

11 Ɛ̃, ame aɖewo tso Roma gɔ̃. Ame siawo nye Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o, gake wotrɔ dzime xɔ Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ eye bubuwo hã nye Kretatɔwo kple Arabiatɔwo. Mía dometɔ ɖe sia ɖe se ame siawo le Mawu ƒe nukunu gãwo ƒe nya gblɔm le eya ŋutɔ degbe me!”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Kretatɔwo kple Arabiatɔwo: Míese wole Mawu ƒe nu dzɔtsuwo gblɔm le mia ŋutɔwo degbe me.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 2:11
36 Mawu Ofanana  

hekpe ɖe adzɔ siwo wòxɔna tso adzɔdolawo kple asitsalawo kple Arabia fiawo katã kple mɔmefia siwo le anyigba la dzi ɖum la gbɔ ŋu.


Filistitɔ aɖewo gɔ̃ hã tsɔ nunanawo vɛ nɛ eye wodzɔa nu nɛ ƒe sia ƒe. Nu siwo Arabiatɔwo nae la woe nye: agbo akpe adre alafa adre (7,700) kple gbɔ̃tsu akpe adre alafa adre (7,700).


Mawu kpe ɖe eŋu, menye le aʋawɔwɔ kple Filistitɔwo ɖeɖe ko me o, ke boŋ le aʋa siwo wòwɔ kple Gur Baal ƒe Arabiatɔwo kple Meunitɔwo hã me.


Ewɔ nu dzɔtsu siwo me dzodzro meli o eye wòwɔ nukunu siwo mele xexlẽme o.


Woneda akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta kple eƒe nukudɔ siwo wòwɔna na amewo la ta,


Woneda akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta kple eƒe nukudɔ siwo wòwɔna na amewo la ta.


Woneda akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta kple eƒe nukudɔ siwo wòwɔna na amewo la ta.


Ena woɖo ŋku eƒe nukudɔwo dzi; Yehowa nye amenuvela kple nublanuikpɔla.


Eya ɖeka hɔ̃ɔ koe wɔa nukunu dzɔatsuwo, Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.


hele wò kafukafuha dzim kple ɣli le nukudɔ siwo katã nèwɔ la xlẽm fia.


O! Yehowa, nye Mawu, wò nukunu siwo nèwɔ la sɔ gbɔ loo! Ɖoɖo geɖe siwo nèwɔ ɖe mía ŋu la, ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo afia wò o. Ne ɖe wòanye be maƒo nu le wo ŋu, eye maxlẽ wo afia la, nyemate ŋui o, elabena wosɔ gbɔ akpa.


O! Mawu; tso nye ɖekakpuime ke, nèfia num, eye va se ɖe egbe la, mele gbeƒã ɖem wò nu dzɔatsuwo.


Maɖo ŋku Yehowa ƒe nuwɔwɔwo dzi, ɛ̃, maɖo ŋku nukunu siwo nèwɔ le blema la dzi.


Míawo míaɣlae ɖe mía viwo o, ke boŋ míagblɔ Yehowa ƒe dɔwɔwɔ siwo dze na kafukafu, eƒe ŋusẽ kple nukudɔ siwo wòwɔ la na megbeviwo.


O! Yehowa, dziƒowo le wò nukunuwo kafum, kple wò nuteƒewɔwɔ hã le ame kɔkɔewo ƒe hame.


Miɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia le dukɔwo dome kple eƒe nukudɔwo fia le anyigbadzitɔwo katã dome.


“O, Yehowa, ame kae le abe wò ene le mawuwo dome? Ame kae le abe wò ene le kɔkɔenyenye kɔkɔtɔ me, le ŋutikɔkɔe ƒe ŋɔdzi me, eye wòwɔa nukudɔwo?


Amewo magatso aƒe ɖe afi ma akpɔ gbeɖe o, eye wòazu aƒedo tso dzidzime yi dzidzime. Arabiatɔ aɖeke matu eƒe agbadɔ ɖe afi ma o, alẽkplɔla aɖeke mana eƒe lãwo natsyɔ akɔ anyi ɖe afi ma o.


Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Arabia ŋu. Mi asiha siwo tso Dedam, ame siwo ƒu asaɖa anyi ɖe Arabia ƒe avekɔewo me,


O! Yehowa, wòe nye nye Mawu. Mado wò ŋkɔ ɖe dzi, eye makafu wò, elabena wò nuteƒewɔwɔ de blibo. Èwɔ nu dzɔtsuwo, nu siwo nèɖo ɖi tso blema ke.


Esiawo katã tso Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gbɔ; ame si ƒe aɖaŋudede wɔ nuku, eye eƒe nya me goglo.


Arabia fiawo katã kpe ɖe amedzrowo ƒe fia siwo le gbegbe la ŋu.


“Wu mo dzi ɖe to ƒuƒluwo ŋu eye nàkpɔ ɖa. Teƒe aɖe li si womedɔ kpli wò le oa? Ènɔ anyi ɖe mɔto henɔ ŋutsuwo lalam. Ènɔ anyi abe Arabiatɔwoe nɔ anyi ɖe gbegbe ene. Ètsɔ wò gbolowɔwɔ kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi do gu anyigba la.


Ame aɖewo gɔ̃ hã tso keke Frigia, Pamfilia, Egipte kple Libia si le Kirene gbɔ, kple ame siwo nye amedzrowo tso Roma.


Ameha la ƒe nu ku eye woƒe mo wɔ yaa le nyadzɔdzɔ sia ta, eye wobia wo nɔewo be, “Nu sia gɔme ɖe?”


Eye esi wònye be Ʋudzeƒe Nyui sia hã menyo tututu be woanɔ le vuvɔŋɔli me o ta la, tɔdziʋua me nɔla geɖewo lɔ̃ ɖe edzi be yewoadze agbagba ayi ŋgɔ, aɖo Foenike be yewoatsi afi ma le vuvɔŋɔli la. Foenike si nye Kreta ƒe ʋudzeƒe la trɔ mo de dzigbemeɣetoɖoƒe kple anyigbemeɣetoɖoƒe.


Le ɣe ma ɣi me tututu la, ya aɖe nɔ ƒoƒom tso anyigbeme gome, eye wòdze abe enyo be míadze mɔ ene eya ta wodo abalawo, eye míedze mɔ henɔ go ŋu tom to Kreta ŋkume kekeake.


Míenɔ tsia dzi, eye míekpe fu ŋkeke geɖewo hafi va ɖo Knido gbɔ lɔƒo. Ya nɔ ƒoƒom sesĩe ale gbegbe be ɖeko míegbɔ eme to Salmone ʋudzeƒe la ŋu heyi Kreta.


Enaa ŋusẽ ame aɖewo be woawɔ nukunuwo, eye wònaa nyagblɔɖi kple mawunyagbɔgblɔ ƒe ŋusẽ ame bubuwo! Enaa ŋusẽ ame aɖewo be woanya nenye gbɔgbɔ vɔ̃woe le nu ƒom to ame siwo be Mawu ƒe nya gblɔm yewole la dzi loo alo nenye Mawu ƒe Gbɔgbɔe le nu ƒom nyateƒe. Hekpe ɖe esia ŋu la, enaa ŋusẽ ame aɖe be wòate ŋu agblɔ gbe si mesrɔ̃ kpɔ o, eye wònaa ŋusẽ ame bubu siwo hã menya gbe ma o la be woase nu si gblɔm nuƒola la le gɔme.


Nu siawoe nye ɖoƒe siwo Mawu ɖo ɖe eƒe hame si nye eƒe ŋutilã me la dometɔ aɖewo. Gbãtɔ, apostolowo; evelia, nyagblɔɖilawo; etɔ̃lia, nufialawo; emegbe nukunuwɔlawo, dɔyɔlawo, kpekpeɖeŋunalawo, dɔdzikpɔlawo, ame siwo ƒoa nu kple gbegbɔgblɔ bubu ƒomeviwo.


Nyemeyi Yerusalem be matsɔ nya la aɖo ame siwo nye apostolowo do ŋgɔ nam la ŋkume o, ke boŋ meyi Arabia. Emegbe la, metrɔ yi Damasko.


Eya ta Hagar nye Sinai to si le Arabia, eye wòsɔ kple egbegbe Yerusalem du, elabena eya kple viawo le kluvinyenye me.


Woawo ŋutɔ ƒe nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Kretatɔwo nye alakpadalawo ɖaa, wonye lã vɔ̃ɖiwo kple nutsuɖula kuviatɔwo”


Nu si ta megblẽ wò ɖe Kreta lae nye be nàɖɔ nu siwo susɔ la ɖo, eye nàɖo hamemegãwo le du ɖe sia ɖe me abe ale si meɖoe na wò ene.


Mawu ŋutɔ hã ɖo kpe woƒe ɖaseɖiɖi dzi to dzesiwo, nukunuwo kple nukudɔ vovovowo dzi, eye wòna Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe nunana amewo le ale si wòlɔ̃ nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa