Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 19:4 - Agbenya La

4 Esi Paulo se nya sia la, egblɔ na wo be, “Yohanes Mawutsidetanamela ɖeko wòwɔe be yeafia ale si ame nadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, atrɔ va Mawu gbɔ eye emegbe la, wòaxɔ Yesu Kristo, ame si ƒe nya Yohanes gblɔ be ele vava ge la dzi ase, ale be woade mawutsi ta nɛ ɖe eƒe ŋkɔ me.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Tete Paulo gblɔ be: Yohanes de mawutsi ta na ame kple dzimetɔtrɔ ƒe mawutsidedeta hegblɔ na dukɔ la bena, woaxɔ amesi gbɔna le eyome la dzi ase: eyae nye Yesu.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 19:4
16 Mawu Ofanana  

(Yohanes ɖi ɖase tso eŋuti gblɔ be, “Ame siae nye ame si ŋu menɔ nu ƒom le, esi megblɔ be, ‘Ame aɖe si li xoxoxo hafi meva dzɔ la gbɔna, ame sia de ŋgɔ wum sãa.’ ”)


Yohanes ɖo eŋu na wo be, “Mele mawutsi dem ta na amewo kple tsi, gake ame aɖe le mia dome,


si le yonyeme gbɔna, eye nyemedze be matu eƒe afɔkpaka gɔ̃ hã o.”


Ame sia va be yeaɖi ɖase tso kekeli la ŋu, ale be to eya dzi la, amewo katã naxɔe ase.


elabena Yohanes tsɔ tsi de mawutsi ta na amewo, gake le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, miawo ya la, woatsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la adee na mi.”


Esi nu sia dzɔ alea ko la, Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ be, ‘Yohanes, de mawutsi ta na amewo kple tsi, ke miawo la, woade mawutsi ta na mi kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la’ va ta me nam enumake.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa