Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 18:3 - Agbenya La

3 elabena enye avɔgbadɔwɔla abe woawo ke ene. Enɔ wo gbɔ hewɔ dɔ kpli wo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 eye esi wònye aɖaŋu ɖeka ƒomevi wowɔna ta la, enɔ wo gbɔ, eye wowɔ ɖo; ke le woƒe aɖaŋuwɔwɔ nu la avɔgbadɔwɔlawo wonye.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 18:3
13 Mawu Ofanana  

Na míayi Yɔdan tɔsisi la to, ale be mía dometɔ ɖe sia ɖe natso ati eye míatsɔe atso teƒe aɖe si míanɔ.” Elisa gblɔ na wo be, “Miyi! Enyo, miate ŋu atu xɔ la faa.”


Míawo ŋutɔ míetsɔa asi wɔa dɔ kple kutrikuku be míakpɔ mía ɖokuiwo dzii. Míeyraa ame siwo ƒoa fi dea mí la, eye míegbɔa dzi ɖi blewu na míaƒe futɔwo.


Nenema ke Aƒetɔ ɖe gbe be ame siwo gblɔa nyanyui la fiana la, woakpɔ agbemenuwo tso nyanyui la me.


Gake nyemebia pesewa ɖeka hã tso mia gbɔ kpɔ o. Menye ɖe mele esia gblɔm na mi ne miabu be ɖe medi be miaɖo ga ɖem azɔ o. Le nyateƒe me, ne dɔ wum meku la, enyo wu be maxɔ ga le mia si, eye mabu dzidzedze gã si mekpɔna ne megblɔ mawunya na mi faa.


Le esia ta la, nye fetu koe nye dzidzɔ tɔxɛ si yɔa menye ne megblɔ nyanyui na amewo faa, naneke maxɔmaxɔe, zi ale si wòle ɖoɖo nu be maxɔ fetu ɖe nye dɔwɔna ta hafi.


Azɔ esi meva mia gbɔ, eye meɖe gbeƒã Mawu ƒe nyanyui la na mi le ɖokuibɔbɔɖeanyi blibo me, eye nyemexɔ naneke le mia si o la, eyae nye nu vɔ̃ si mewɔ ɖe mia ŋu eya ta miebum ɖe naneke me oa?


Esi menɔ mia gbɔ, eye nanewo va hiãm la, nyemebia mi o, ke boŋ kristotɔ siwo tso Makedonia va gbɔnye lae tsɔ nu siawo nu vɛ nam. Meɖoe be nyemanye agba na mi o, eya tae nyemebia pesewa ɖeka hã va se ɖe fifia o, eye nyemabia mi hã gbeɖegbeɖe o.


Nu ka me gɔ̃ mietsi megbe le le hame susɔeawo ŋu? Nu si ko nyemewɔ le mia gbɔ o, evɔ mewɔe le hame bubuwo me lae nye be nyemenye agba na mi o. Mitsɔ nu madzɔmadzɔ sia kem!


Nɔvi lɔlɔ̃awo, mieɖo ŋku ale si míewɔ dɔ kple kutrikuku geɖe le mia dome la dzi oa? Zã kple keli míewɔa dɔ kple kutrikuku, eye míetea fifia be míate ŋu akpɔ nu anɔ agbe ɖe eŋuti, ale be míaganye agba na ame aɖeke le afi ma esi míele Mawu ƒe nyanyui la gblɔm le mia dome o.


Esia nanye miaƒe didi ɖaa be mianɔ agbe le tufafa me; miakpɔ mia ŋutɔwo ƒe dɔwo gbɔ abe ale si míegblɔ na mi va yi la ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa