Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 18:2 - Agbenya La

2 Afi ma wòdo go Yudatɔ aɖe si woyɔna be Akwila la le. Wodzi Akwila le Ponto, eye eya kple srɔ̃a Priskila wonɔ Italia tsã, gake Kaisaro Klaudio va de se be woanya Yudatɔwo katã le Roma dua me. Esia ta Akwila kple srɔ̃a ʋu va tsi Korinto. Paulo yi ɖasrã wo kpɔ,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye wòkpɔ Yudatɔa ɖe, eŋkɔe nye Akwila, si wodzi le Ponto, amesi kple srɔ̃a Priskila wotso Italia va medidi o; elabena Klaudio ɖe se bena, Yudatɔwo katã nadzo le Roma; eye wòva wo gbɔ,

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 18:2
11 Mawu Ofanana  

Gbe ɖeka la, wo dometɔ ɖeka si woyɔna be Agabu la gblɔ nya ɖi tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ me be dɔ gã aɖe gbɔna toto ge le xexea me katã. (Nya sia va eme le Fia Klaudio ƒe dziɖuɣi.)


Paulo ganɔ dua me ɣeyiɣi aɖewo, eye emegbe la, eklã xɔsetɔwo, eye wòɖo tɔdziʋu hedzo yi Siria nuto me. Ekplɔ Priskila kple Akwila hã ɖe asi. Esi wova ɖo Kenkrea la, Paulo lũ ta kolikoli le adzɔgbeɖeɖe si wòwɔ do ŋgɔe le Yudatɔwo ƒe kɔnu nu la ta.


Edze nufiafia gɔme le ƒuƒoƒe la dzideƒotɔe. Esi Akwila kple Priskila se eƒe nyawo la, wokpee yi woƒe aƒe me heɖe Mawu ƒe nyawo me nɛ tsitotsito wu esi wònya tsã.


Mía dometɔ aɖewo nye Patiatɔwo, ɖewo nye Midiatɔwo kple Elamtɔwo, bubuwo hã tso Mesopotamia, Yudea, Kapadokia, Ponto kple Asia nutowo me.


Mlɔeba la, woɖoe be míadze mɔ ayi Italia kple tɔdziʋu. Wotsɔ Paulo kple gamenɔla bubu aɖewo de asi na Yulio si nye Kaisaro ƒe asrafowo ƒe amegã ɖeka be wòakplɔ wo ayii dedie.


Le afi sia la, míaƒe kplɔla la kpɔ Egipte tɔdziʋu aɖe si tso Aleksandria yina Italia, eye míeɖoe.


Hame siwo le Asia afi sia la do gbe na mi. Akwila kple Priskila kple ame bubu siwo katã kpea ta le woƒe aƒe me hena sɔlemedede la hã do gbe na mi le Aƒetɔ la me.


Do gbe na Priskila kple Akwila kple ame siwo le Onesiforo ƒe aƒe me la nam.


Mido gbe na miaƒe kplɔlawo katã kple Mawu ƒe ameawo katã. Nɔvi siwo tso Italia hã do gbe na mi.


Nye, Petro, Yesu Kristo ƒe apostolo gbɔe agbalẽ sia tso, Na Mawu ƒe ame tiatia siwo nye amedzrowo le xexea me, ame siwo kaka ɖe Ponto, Galatia, Kapadokia, Asia kple Bitinia nutowo me,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa