Dɔwɔwɔwo 17:5 - Agbenya La5 Yudatɔwo ƒe amegã siwo nɔ dua me la ʋã ŋu Paulo kple Silas, eya ta woƒo gbevu aɖewo nu ƒu tso ablɔwo dzi siwo wɔ ameha gã aɖe, eye wowɔ ʋunyaʋunya le dua me. Wosi du yi Yason ƒe aƒe me le Paulo kple Silas dim ne woakplɔ wo va ameha la ŋkumee. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19135 Ke esi Yudatɔwo ʋã ŋu la, wotsɔ ablɔmeme vlowo dome ŋutsu vɔ̃ɖia ɖewo kpe ɖe wo ɖokui ŋu, eye esi wona ameawo ƒo zi la, dua me ɖi hoo, eye wova tsi tre ɖe Yason ƒe xɔ nu, eye wodi bena, yewoakplɔ wo ayi ɖe ameha la me. Onani mutuwo |
elabena va se ɖe fifi hã la, miegale ko abe ɖeviwo ene le kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me. Nu sia nu si dze mia ŋu lae miewɔna, ke menye ɖe Mawu ƒe didi dzi o. Nu si tututu fia be mieganye ɖeviwo ko lae nye ale si miema ɖe hatsotso vovovowo me, eye dzre, ŋuʋaʋã kple liʋĩliʋĩlilĩ sɔŋ xɔ aƒe ɖe mia me. Le nyateƒe me la, miaƒe nuwɔnawo dze ko abe ame siwo menya Aƒetɔ la kura o la tɔ ene.
Mezɔ mɔ didi teɖeɖiameŋu geɖewo, eye nye agbe ɖo xaxa me le tɔɖɔɖɔ, fiafitɔwo, Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo ta. Le nyateƒe me la, meto dzɔgbevɔ̃ewo me le afi sia afi si mede la, le du gãwo me, gbedzi kple ƒu dzi siaa. Nenema ke ame siwo be yewonye nɔviwo le Kristo me, evɔ mele eme nenema o hã do ŋɔdzi na nye agbe.