Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 17:16 - Agbenya La

16 Esi Paulo nɔ Sila kple Timoteo lalam le Atene la, eɖi tsa le dua me, eye wòɖe fu na eƒe susu ŋutɔ be dua me yɔ fũu kple legbawo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Ke esi Paulo le mɔ kpɔm na wo le Atene la, eƒe gbɔgbɔ bi azi le eme, esi wòkpɔ dua me yɔ fũ kple legbawo.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 17:16
20 Mawu Ofanana  

Eɖo eŋu be, “Meʋã ŋu ɖe Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ la nu. Israelviwo gbe nu le wò nubabla la gbɔ. Wogbã wò vɔsamlekpuiwo ƒu anyi eye wowu wò nyagblɔɖilawo kple yi. Nye koe susɔ eye azɔ la, wole didim be yewoawu nye hã.”


Eliya ɖo eŋu be, “Meʋã ŋu ɖe Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ la nu. Israelviwo gbe nu le wò nubabla la gbɔ, wogbã wò vɔsamlekpuiwo ƒu anyi eye wowu wò nyagblɔɖilawo kple yi. Nye ɖeka koe susɔ eye azɔ la, wole didim be yewoawu nye hã.”


Aɖatsi le sisim le nye ŋkuwo me abe tɔʋu ene, elabena womewɔ wò sewo dzi o.


Menyɔ ŋu xɔsemanɔsitɔwo, elabena womewɔa wò nya la dzi o.


Elabena lɔlɔ̃ na wò aƒe zu dzo ge ɖe menye, eye ame siwo dzu wò la ƒe dzudzu va dzinye.


Ke ne megblɔ be, “Nyemagayɔ eƒe ŋkɔ alo agaƒo nu le eƒe ŋkɔ me o” la, eƒe nya nɔna abe dzo ene le nye dzi me, eye abe dzo bibi nue wotu nu ɖo le nye ƒu tome ene. Etsɔtsɔ ti kɔ nam. Vavã nyemagate ŋui o.


Ke nye la, ŋusẽ yɔ menye taŋtaŋ, Yehowa ƒe Gbɔgbɔ le dzinye eya ta matsɔ dzɔdzɔenyenye kple ŋusẽ aɖe gbeƒã Yakob ƒe nu tovowo wɔwɔ kple Israel ƒe nu vɔ̃.


Yesu tsa ŋku le ameawo dzi dzikutɔe, elabena eɖe fu na eƒe susu ŋutɔ be, womesea veve ɖe wo nɔewo ti o. Azɔ egblɔ na amea be, “Dzɔ wò asi.” Amea wɔe, eye enumake eƒe asi gaɖɔ ɖo.


Esi Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la gogo la, Yesu yi Yerusalem.


Ame siwo kplɔ Paulo yii la ɖoe ɖa va se ɖe Atene hafi trɔ yi Berea. Paulo de gbe asi na wo be woagblɔ na Silas kple Timoteo be woawɔ kaba ava tu ye le Atene.


(Atenetɔwo katã kple amedzroawo hã lɔ̃a anyinɔnɔ ɖe takpeƒe hewɔa woƒe ɣeyiɣiwo ŋuti dɔ to nyamedzodzro kple susu yeyewo xɔxɔ me.)


elabena esi menɔ tsa ɖim le miaƒe dua me la, mekpɔ miaƒe nu subɔsubɔwo. Ke mekpɔ vɔsamlekpui aɖe si ŋuti woŋlɔ ɖo be, mawu si mienya o la tɔe. Mawu si miesubɔna le manyamanya me la ƒe nyae metsɔ vɛ na mi.


Le nu siawo megbe la, Paulo dzo le Atene heyi Korinto.


“Fifia la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kplɔm yina Yerusalem, togbɔ be nyemenya nu si le lalayem le afi ma o hã.


Mlɔeba la, esi míate ŋu agado dzi o la, míeɖoe be míawo ɖeɖe míatsi Atene,


ne eɖe ame dzɔdzɔe Lɔt, ame si semanɔsitɔ mawo ƒe agbe ƒaƒã nɔnɔ ti kɔ na,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa