Paulo kple Barnabas melɔ̃ ɖe nya sia dzi kura o, ale wohe nya kple ame siawo vevie. Mlɔeba la, Antioxia Hame la ɖe hametɔ aɖewo kpe ɖe Paulo kple Barnabas ŋu heɖo wo ɖe Yerusalem be woaɖadzro nya sia me kple Apostoloawo kple hamemegãwo, anya woƒe susu le eŋu ava gblɔ na yewo.
Azɔ la, apostoloawo kple hamemegãwo katã va lɔ̃ ɖe edzi be yewoaɖe ame aɖewo woakplɔ Paulo kple Barnabas ɖo ayi Antioxia be woaɖagblɔ nu si dzi woɖo kpee la na hame si le afi ma. Wotia Yuda (si wogayɔna be Barsaba) kple Silas, ame siwo nye amegãwo le hamea me.
Ke esi míawo hã míebu nya la ŋu, eye mí katã míeɖo kpe nu si nye nyateƒea dzi vɔ la, míeɖoe be anye susu nyui aɖe ŋutɔ be míaɖe ame dɔdɔ eve siwo akplɔ mía nɔvi lɔlɔ̃awo, Paulo kple Barnabas, ɖo ava mia gbɔ.
Azɔ woyi woƒe mɔzɔzɔ dzi henɔ tsatsam le duwo me. Afi sia afi si woɖo la, wogblɔa nya siwo dzi apostolowo kple hamemegãwo ɖo kpee le Yerusalem la na wo be woalé wo me ɖe asi.
Le esia ta la, apostolo wuieveawo ƒo xɔsetɔwo katã nu ƒu hegblɔ na wo be, “Nɔviwo, mele be míawo míatsɔ nuɖuɖudzikpɔkpɔ awɔ míaƒe dɔe o. Míaƒe dɔe nye be míagblɔ mawunya.
Miɖo to miaƒe kplɔlawo, eye miwɔ ɖe nu siwo wogblɔ na mi la dzi, elabena wole mia ta kpɔm abe ame siwo wòle be woana akɔnta Mawu tso woƒe dɔwɔna ŋu ene. Miɖo to wo, ale be woƒe dɔwɔwɔ nanye dzidzɔ na wo, eye mazu agba na wo o; elabena ne ele alea la, manye kpekpeɖeŋu aɖeke na miawo hã o.