Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 13:8 - Agbenya La

8 Esi wonɔ nya la gblɔm nɛ la, afakala Elima (elabena nenemae nye eƒe ŋkɔ le Grikigbe me) tsi tsitre ɖe wo ŋu, eye wòte kpɔ be yeagblẽ to na mɔmefia la be megaxɔ Mawu dzi se o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ke afakala Elima (elabena nenema woɖe eƒe ŋkɔ la gɔme) tsi tre ɖe wo ŋu, eye wòdi bena, yeatrɔ dua me dziɖula atso xɔse la me.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 13:8
16 Mawu Ofanana  

Tete Zedekiya, Kenana ƒe vi, gogo Mikaya eye wòƒo tome nɛ hebiae be, “Ɣe ka ɣie Yehowa ƒe Gbɔgbɔ dzo le gbɔnye eye wòƒo nu na wò?”


Mite ɖa le mɔ sia dzi. Midzo le teƒe sia, eye midzudzɔ ŋɔdzidodo na mí kple Israel ƒe Kɔkɔetɔ la!”


Eva eme le ɣleti atɔ̃lia me le ƒe ma ke me, esi nye ƒe enelia le Yuda fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me be Nyagblɔɖila Hananiya, Azur ƒe vi si tso Gibeon gblɔ nam le Yehowa ƒe gbedoxɔ me le nunɔlawo kple ameha la katã ŋkume be,


Nu gbãtɔ si Andrea wɔ lae nye be edi nɔvia Simɔn, eye wògblɔ nɛ be, “Míekpɔ Mesia la” (si gɔmee nye Kristo).


Esi mɔmefia la kpɔ nu si dzɔ la, exɔe se, elabena eƒe nu ku le nufiafia si wòse tso Aƒetɔ la ŋu ta.


Ke esi Galio nye dziɖula le Akaya nuto me la, Yudatɔwo wɔ ɖeka ɖe Paulo ŋu, eye wokplɔe yi ʋɔnui.


Gake ne Demetrio kple eƒe hadɔwɔlawo kpɔ be nya aɖe le yewo kple ame siawo dome la, ekema ɖe wòle na wo be woatsɔ nya ɖe wo ŋu le ʋɔnudrɔ̃ƒe. Ʋɔnudrɔ̃lawo hã le klalo be yewoadrɔ̃ nyaa na wo.


Le esia megbe la, apostoloawo kple xɔsetɔ bubuawo gblɔ mawunya le teƒeteƒewo, eye Yesu yomedzelawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi fũu le Yerusalem, nenema ke Yudatɔwo ƒe nunɔla geɖewo gɔ̃ hã trɔ zu kristotɔwo.


Ke ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Simɔn la nɔ Samaria dua me. Enye afakala xɔŋkɔ aɖe, eye wòna Samaria dukɔ la ƒe nu ku; eya ŋutɔ da ŋkɔ ɖe eɖokui dzi be yenye gã.


Nyɔnu nusrɔ̃la aɖe nɔ Yopa dua me si woyɔna be Tabita (si woyɔna le Helagbe me be Dɔkas). Nyɔnu sia nye xɔsetɔ si wɔa dɔmenyo na amewo ŋutɔ, vevietɔ ame dahewo.


Nufiala siawo tsia tsitre ɖe nyateƒe la ŋu abe ale si Yane kple Yambre tsi tsitre ɖe Mose ŋu ene. Susu ƒoɖi totro kpaɖikpaɖiwo le wo me, eye wotsi tsitre ɖe Kristo dzixɔse la ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa