Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 13:21 - Agbenya La

21 “Ke nu kae va dzɔ? Israelviwo ɖe kuku na Mawu be wòana fia yewo abe ale si wòle dukɔ bubuwo sii la ene, eya ta Mawu na Saulo si nye Kish ƒe vi la va ɖu fia ɖe wo dzi. Saulo tso Benyamin ƒomea me, eye wòɖu fia ƒe blaene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Tso ekema dzi la wòbia fia, eye Mawu tso Saul, Kis ƒe vi, ŋutsua ɖe, si tso Benyamin-ƒomea me la, na wo ƒe blane.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 13:21
8 Mawu Ofanana  

Tete Samuel tsɔ amigoe eye wòkɔ amia ɖe Saul ƒe tame, hegbugbɔ nu nɛ eye wògblɔ be, “Ɖe Yehowa mesi ami na wò be nàɖu fia ɖe eƒe domenyinu dzi oa?


Ale woyi Gilgal eye woɖo Saul fiae le Yehowa ŋkume. Wosa akpedavɔ na Yehowa eye Saul kple Israelviwo katã kpɔ dzidzɔ ŋutɔŋutɔ.


Gbe ɖeka la, Samuel gblɔ na Saul be, “Meɖo wò fiae ɖe Israel dzi elabena Yehowa gblɔ nam be maɖo wò Israel Fiae. Azɔ la, ele be nàɖo toe.


Wogblɔ nɛ be, “Azɔ la ètsi eye viwò ŋutsuwo meto wò afɔtoƒe o, eya ta tia fia na mí be wòakplɔ mí abe ale si wòle le dukɔ bubuwo dome ene.”


Kis nye kesinɔtɔ kple bubume aɖe tso Benyamin ƒe to la me. Fofoae nye Abiel, ame si nye Zeror vi, ame si nye Bekorat vi, ame si hã nye Afia vi.


Do ŋgɔ la, Yehowa gblɔ na Samuel be,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa